Aleke Nèwɔa Nui ne Womeɖe Ðetsɔleme Fia O?
1 Ðekematsɔlemee nye nu ƒe ame maʋãmaʋã alo dɔ mawɔmawɔ ɖe ame dzi, vivimadomado ɖe nu ŋu. Enye nɔnɔme siwo míedoa go edziedzi wu kple esiwo sesẽna na mí wu dometɔ ɖeka. Aleke nèwɔa nui? Ðe wòna wò lãme fa ɖe subɔsubɔdɔa ŋua? Aleke nàwɔ anɔ te ɖe enu be nàte ŋu atsɔ Fiaɖuƒe gbedasia ayi na amewo?
2 Gbã la, nya nusita wò anyigbamamã me tɔwo nye ɖekematsɔlemetɔwo. Esi woƒe subɔsubɔha kple dunyahehe ƒe kplɔlawo ble wo taea? Ðe wòwɔna na wo be womate ŋu awɔ naneke le yewoƒe kuxiwo ŋu o taea? Ðe ɖikeke nɔa wo me ne wodo nu nyui aɖe ƒe ŋugbe na woa? Ðe womedina be yewoabu gbɔgbɔmenuwo ŋu o negbe ɖe wokpɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖe si aɖe vi na wo enumake ko hafia?
3 He Susu Yi Fiaɖuƒe Mɔkpɔkpɔa Dzii: Kuxi aɖeke meli si gbɔ Fiaɖuƒea mate ŋu akpɔ o. Eyata ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, ele be míaƒo nu tso Fiaɖuƒe ŋugbedodowo ŋu, eye míayɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me nya veviwo me, ne manya wɔ alo masɔ be míafia mawunyakpukpuia wo le Biblia me o hã. (Heb. 4:12) Gake aleke míawɔ dzeɖoɖoa naɖo afima ke?
4 Ehiã be amewo nanya nusita míevaa wo gbɔ. Ehiã be woanya be havilɔlɔ̃ kple ɖetsɔtsɔ le eme na nutoa me tɔwo tae míevana ɖo. Míate ŋu abia nya aɖe si ŋu míebu nyuie abe esia tɔgbe ene, “Nukae nèsusu be míate ŋu awɔ le [yɔ kuxi aɖe si le fu ɖem le nuto ma me] ŋu?” Ne mɔnu aɖe medze edzi o la, gate bubu kpɔ.
5 Le gatɔwo ƒe anyigbamamã aɖe si me aƒemenɔlawo metsɔa ɖeke le Fiaɖuƒe gbedasia me o la, gbeƒãɖelawo dze agbagba be yewoadi ŋgɔdonya si anyɔ ɖetsɔleme. Srɔ̃tɔ aɖewo gblɔ ŋgɔdonya sia le Sidzedze-gbalẽa nana me: “Èsusu be sukudede nyui le vevie na dzidzedzekpɔkpɔ le egbe xexea mea? Èlɔ̃ ɖe edzi be ele be Biblia me sidzedze hã nanɔ agbalẽnyanya si de ŋgɔ mea?” Wona agbalẽ etɔ̃ ŋdɔ aɖe, eye nyɔnu aɖe si xɔ ɖeka gblɔ emegbe be yexlẽ Sidzedze-gbalẽ bliboa vɔ eye wòlɔ̃ be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ye.
6 Ne èdoa go ɖekematsɔleme la, ke te nya la gbɔgblɔmɔnu bubuwo kpɔ, bia nya siwo ana woabu tame, eye nàtsɔ Mawu ƒe Nya la ƒe ŋusẽ awɔ dɔe. Ewɔwɔ alea ana nàte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaxɔ Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la.