INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/98 axa 8
  • Kpe Amesiame si Tsikɔ Le Wuwum

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Amesiame si Tsikɔ Le Wuwum
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Gblɔ Nyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Dzeɖonya Siwo Míate Ŋu Azã le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu be Ana Nuwo Natsi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 2/98 axa 8

Kpe Amesiame si Tsikɔ Le Wuwum

1 Abe alesi nyagblɔɖila Amos gblɔe ɖi ene la, amegbetɔƒomea le ‘tsikɔwuame’ ƒe fu kpem, ‘menye tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.’ (Amos 8:11) Be míakpe ɖe amesiwo le gbɔgbɔ me kuɖiɖi sia me ŋu la, míegblɔa ɖoɖo siwo Mawu wɔ be wòatsɔ aɖe amegbetɔwo tso nuvɔ̃ kple ku me na wo, si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe ta mamlɛtɔ me be enye ‘agbetsitɔsisi.’ Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míakpe amesiame si dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ le wuwum be ‘wòava xɔ agbetsi la ano faa.’ (Nyaɖ. 22:1, 17) Aleke míate ŋu awɔ esia le February me? Eyae nye be míana Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe agbalẽa. Ðewohĩ àdi be yeazã dzeɖonya siawo kpɔ:

2 Esi ame geɖe tsi dzi ɖe lãmesẽnyawo ŋu ta la, ɖewohĩ àkpɔe be dzeɖonya sia awɔ dɔ:

◼ “Ame geɖe tsi dzi ɖe alesi atikewɔwɔ nyui ƒe asixɔxɔ le dzi yimee ŋu. Ðewohĩ wò hã èbu nya sia ŋu kpɔ. [Na wòaɖo eŋu.] Ðe woate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔ keŋkeŋ gbaɖegbea? [Lala ne wòaɖo eŋu.] Mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖee nye si.” Xlẽ Nyaɖeɖefia 22:1, 2. Emegbe nàʋu nɔnɔmetata si le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 308-9, eye nàzã memamã 22 si le axa 311 atsɔ aɖe emee. Ƒo eta be: “Agbalẽ sia dzro Nyaɖeɖefia ƒe kpukpui ɖesiaɖe me.” Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi.

3 Ne ètrɔ yi la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi agblɔ be:

◼ “Esi meva nyitsɔ la, míeƒo nu tso alesi woakpɔ lãmesẽkuxiwo gbɔ keŋkeŋ ŋu. Ðe nèbu be ɣeyiɣi aɖe ava esime ame aɖeke malé dɔ oa? [Na wòaɖo eŋu.] Se nukunya sia ɖa.” Xlẽ Yesaya 33:24. Azɔ nàʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia, eye nàdzro memamã 5-6 me, nàbia nyabiabia siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze eye miaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ ʋee aɖewo. Ðe eme be dɔléle kple ku ɖeɖeɖa nye Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba la ƒe akpa aɖe me vava. Ne èna agbalẽ gbadzaa vɔ la, nàwɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi aɖadzro nusɔsrɔ̃ ma ke ƒe memamã 1-4 kple 7 lia me.

4 Ne ku kpata aɖe dzɔ nyitsɔ laa wòle amewo ƒe susu me la, àte ŋu azã mɔnu sia kpɔ:

◼ “Ànya se [yɔ nusi dzɔ] ŋu nya. Ne afɔku dzɔ wòna amewo ƒe agbe dzi tso kpo la, ame geɖe bua alesi woawɔ afa akɔ na amesiwo tsi eme ƒe ƒometɔwo ŋu. Nukae nye wò susu?” Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàʋu Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 299 eye nàtsɔ tsitretsitsia ŋuti nɔnɔmetata afiae. Gblɔ yi edzi be: “Ewɔa mo yaa na ame geɖe ne wova nya be woafɔ ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa ɖe tsitre le Paradisonyigba dzi. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15 si woyɔ ɖe axa 297, memamã 9, eye nàgblɔ numeɖeɖe si le memamã 10 lia.] Agbalẽ sia gadzro Mawu ƒe tameɖoɖo na etsɔme ŋuti nya dodzidzɔname bubu geɖe me. Ne àdi be yeasrɔ̃ nu tso eŋu ayi ŋgɔ la, ke àte ŋu axɔ agbalẽ sia.” Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi, eye nàde dzesi nusi me koŋ amea tsɔ ɖe le kple nusi ŋu wòtsi dzi ɖo.

5 Ne ègayi la, trɔ asi le wò dzeɖonya ŋu wòasɔ ɖe aƒemenɔla la ƒe nɔnɔme nu. Ðewohĩ àte ŋu agblɔ be:

◼ “Nya aɖe si nègblɔ esi míenɔ dze ɖom nyitsɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ŋu la dzɔ dzi nam. [Gbugbɔ nya si wògblɔ la gblɔ.] Meke ɖe nya aɖe si mesusu be adzɔ dzi na wò ŋu.” Ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia. Xlẽ nusɔsrɔ̃ ma ƒe memamã geɖe zi alesi wole dzi dzɔm na aƒemenɔlae eye miadzro wo me. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ. Ne èɖo ɣeyiɣi si nàtrɔ ayi be miayi nusɔsrɔ̃a dzi vɔ la, nàyɔ hamea ƒe kpekpeɣiwo na aƒemenɔla la. Ðe nusi Dutoƒokpekpea nye me nɛ, eye nàkpee be wòava.

6 Ne dzeɖonya bɔbɔe si me nàzã trakt le ye nèdi be yeazã la, àte ŋu agblɔ nya sia:

◼ “Medi be trakt sia si ƒe tanya nye Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ siwo Ku? nasu asiwò.” Tsɔe na aƒemenɔla la, eye nàgblɔ nɛ be wòakpɔ edzi ne nàxlẽ memamã gbãtɔ. Na wòaɖo nya si wobia le nyagbe mamlɛa me ŋu. Xlẽ memamã evelia, eye azɔ nàʋu nɔnɔmetata si le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 299. Gblɔ yi edzi be: “Agbalẽ sia gagblɔ nya geɖe le tsitretsitsia kple ŋugbedodo nyui bubu siwo le Biblia me ku ɖe etsɔme ŋu la ŋuti. Àte ŋu axɔ esia.” Wɔ ɖoɖo be nàtrɔ ayi.

7 Ne míedo amekpekpe dodzidzɔname ɖe ame bubuwo gbɔ la, ana woava agbetsi si nam Yehowa le fifia la gbɔ. Eyata mina míagblɔ na amesiame si tsikɔ le wuwum be, “Va!”—Nyaɖ. 22:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe