INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/98 axa 1
  • Sasrãkpɔ si Ate Ŋu Anye Yayra

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sasrãkpɔ si Ate Ŋu Anye Yayra
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Minyi Mawu ƒe Alẽha La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Alesi Kristotɔ Alẽkplɔlawo Subɔa Wòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Mikplɔ Mawu Ƒe Alẽha Si Le Miaƒe Dzikpɔkpɔ Te La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 7/98 axa 1

Sasrãkpɔ si Ate Ŋu Anye Yayra

1 Zaxeo tsɔ dzidzɔ xɔ Yesu esi wòdze eƒe aƒeme. Eye yayra ka gbegbee nye si sasrãkpɔ ma va nye!—Luka 19:2-9.

2 Egbea Yesu Kristo si nye hamea ƒe Ta fia hamemegãwo be ‘woanyi Mawu ƒe alẽha la.’ (Pet. I, 5:2, 3; Yoh. 21:15-17) Tsɔ kpe ɖe nufiafia le kpekpewo me kple ŋgɔxɔxɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ŋu la, dzikpɔla siwo le hamea me naa kpekpeɖeŋu hamea me tɔ ɖekaɖekawo hã. Eyata le ɣeyiɣi aɖewo me la, àte ŋu akpɔ mɔ be hamemegãwo atrɔ susu ɖe ye ɖeka ŋu, eɖanye le wò aƒeme, le Fiaɖuƒe Akpata me, ne miele gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm ɖekae, alo le ɣeyiɣi bubuwo dzi o. Ðe wòle be nàvɔ̃ hamemegã ƒe sasrãkpɔwoa? Kura o. Woƒe gbɔwò vava mefia be ègbɔdzɔ le mɔ aɖeke nu o. Ekema taɖodzinu kae le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ ŋu?

3 Paulo gblɔ be yedi be yeava srã nɔviwo ‘akpɔ alesi wole wɔwɔm ɖa.’ (Dɔw. 15:36) Ẽ, esi hamemegãwo nye alẽkplɔla lɔ̃amewo ta la, wotsɔ ɖe le alesi nèle wɔwɔm me vevie ŋutɔ. Wodi be yewoana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ahatu wò ɖo. Beléle siae mía Kplɔla Yehowa di be woatsɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe.—Xez. 34:11.

4 Do Vivi Ðe Hamemegãwo ƒe Sasrãkpɔwo Ŋu: Nusita Paulo srã nɔviwo kpɔe nye be ‘yeatsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana wo be wòado ŋusẽ wo, eye be yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo.’ (Rom. 1:11, 12) Ehiã mí katã be woade dzi ƒo na mí le gbɔgbɔ me le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me, eye míehiã kpekpeɖeŋu ale be míayi edzi anɔ te sesĩe le xɔse me. Ðikeke mele eme o be alesi nàdo vivi ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ ŋu ade dzi ƒo na mia kple wo siaa.

5 Ele be nàkpɔe be viɖe geɖe le hamemegãwo ƒe kpɔkplɔdɔa me. Ne nya alo biabia aɖe le fu ɖem na wò la, ɖo ŋku edzi be kpekpeɖeŋu nana tae hamemegãwo le hamea me ɖo. Ƒo nu tso nya sia nya si ɖewohĩ anɔ kplamatse dom wò gbɔgbɔmededienɔnɔ ŋu na wo faa. Kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia si me lɔlɔ̃ le la ŋu, eye nàkpɔ dzidzɔ le yayra siwo sasrãkpɔ siawo ate ŋu ahe vɛ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe