Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
Ƒe 1987 mee wodze ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖoa gɔme. Ŋkeke ɖeka ƒuƒoƒo siawo tua Yehowa subɔlawo kple ɖetsɔlemetɔ siwo dena ɖo. Woadze ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖi yeye gɔme le August 1999 me. Àkpɔ be nuƒo asieke kple gbebiame kpakple nuteƒekpɔkpɔ geɖeawo aɖe vi na ye le gbɔgbɔ me.
Ðoɖowɔɖi yeyea ƒe tanyae nye “Kpɔ Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Kplɔ̃ Ŋu.” (Yes. 65:14; Kor. I, 10:21) Ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be Yehowa subɔsubɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. (Ps. 27:4) Nutome sue dzikpɔla ƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Míaƒe Dzimesusuwo me Dzodzro” aƒo nu tso nɔnɔme si le mía si ɖe kpekpewo dede ŋu. Nutome gã dzikpɔla alo nuƒola si wokpe aƒo nu le nyati si nye “Ðu Nu le Yehowa ƒe Kplɔ̃ Ŋu be Nàkpɔtɔ Anye Gbɔgbɔmeme” ŋu. Woade dzi ƒo na sɔhɛ siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me be woakpɔtɔ anɔ te sesĩe le Mawu subɔsubɔ me. Nuƒola si wokpe ƒe dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Wodo Ŋusẽ Mí le Gbɔgbɔ me Hena Ðaseɖiɖi Dzideƒotɔe” afia alesi nufiame siwo wonana le hamea me dzraa mí ɖo be míaɖi ɖase tso Fiaɖuƒea ŋui mí. Amekae madi be yeakpɔ gome le ɖoɖowɔɖi sia me o?
Adzɔgbeɖela yeye siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ nagblɔe na dzikpɔla zimenɔla kaba. Míeka ɖe edzi be ne míedze ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖoa ƒe ƒe 12 lia gɔme la, vavala ɖesiaɖe akpɔ gbɔgbɔmetutuɖo hena dɔ si le ŋgɔ la wɔwɔ.