INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/01 axa 3
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2010 Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ Ƒe Ðoɖo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Èdea Gbeadzi Ɣesiaɣia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 7/01 axa 3

Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ

“Mizu Ame Tsitsi Blibowo le Nugɔmesese Me” ye nye ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ƒe ɖoɖowɔɖi si adze egɔme tso July 2001 me la ƒe tanya. (Kor. I, 14:20) Nukatae viɖe anɔ eme na mí be míayi? Míele xexe aɖe si me nuvɔ̃ɖiwɔwɔ xɔ aƒe ɖo me. Hafi míate ŋu anɔ te ɖe nusia nu la, ele be míadzi míaƒe gbɔgbɔmenugɔmesese ŋutetewo ɖe edzi ale be míate ŋu atsɔ nunyuiwɔwɔ aɖu nu gbegblẽ dzii. Nusiae ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa akpe ɖe mía ŋu míawɔ.

Le kpekpea gɔmedzedze me la, nutome sue dzikpɔla adzro “Nusiwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míatsi Bliboe le Biblia Gɔmesese Me” la me. Afia alesi míawɔ ali ke le Kristotɔwo ƒe xɔse me mí. Nuƒola si woɖo ɖa aƒo nu tso alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe le vevie bene míanye amesiwo ɖea abla le nugɔmesese me ŋu le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Kpɔ Wò Gbɔgbɔmemenyenye Ta to Hehenana Wò Sidzedze Ŋutetewo Me” me.

Ele be sɔhɛwo hã nadzi woƒe nugɔmesese ŋutetewo ɖe edzi. Woadzro esia me le nuƒo siwo nye “Nusitae Míanye Vidzĩwo le Nuvɔ̃ɖiwɔwɔ Me” kple “Sɔhɛ Siwo Si Nugɔmesese Suna Fifia” me. Va se nusi sɔhɛwo agblɔ be edoa ŋusẽ yewo le gbɔgbɔ me be yewote ŋu ɖua yewo ɖokui dzi be yewomekea ŋku ɖe xexeame ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me o eye yewoƒoa asa na afɔku.

Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ gbogbotɔ le agbe me? Nuƒola si woɖo ɖa la aɖe esia me le nuƒo mamlɛa si nye “Na Biblia me Gɔmeɖosewo Ŋudɔwɔwɔ Nugɔmesesetɔe Neɖe Vi na Wò.” Agblɔ kpɔɖeŋu geɖewo atsɔ afia alesi Mawu ƒe Nya la dzi wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu míekpɔa kuxiwo gbɔ hewɔa nyametsotso, si nana be nusi Yehowa le mía fiam la ɖea vi vavã na mí.

Amesiwo di be yewoatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me le takpekpea me aɖo kpe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe dzii na Mawu la nana dzikpɔla zimenɔla nanya kaba. Ne ènya se woɖe gbeƒã ɣletiŋkeke si dzi woawɔ ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa ko la, de dzesii ɖe wò ɣletigbalẽ dzi, eye nàdze agbagba etɔxɛe be ɖoɖowɔɖi xɔasi sia naɖe vi na wò. Mègana ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa me nuƒo aɖeke nato ŋuwò o! Ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me eye nàlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe