INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/98 axa 8
  • Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Nàte Ŋu Awɔ Geɖe Wu Atsɔ Ade Bubu Yehowa Ŋuia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Yayra Siwo le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 9/98 axa 8

Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu

1 Yesu gblɔ be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mede ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” Esi ƒe alafa gbãtɔ me nuŋelawo ƒe xexlẽme meyi ŋgɔ o eye anyigbamamã geɖe li wòle be woakpe ɖo ta la, Yesu ate ŋu aɖo wo ɖa ɖekaɖeka ale be woate ŋu aɖo ame geɖe alesinu woate ŋui gbɔ hafi. Gake ‘edɔ wo eveveve’ boŋ. (Luka 10:1, 2) Nukatae wòdɔ wo eveveve ɖo?

2 Ame yeyewoe nusrɔ̃la mawo nye eye nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o. To dɔwɔwɔ ɖekae me la, woate ŋu asrɔ̃ nu tso wo nɔewo gbɔ ahade dzi ƒo na wo nɔewo. Abe alesi Salomo ŋlɔe ene la, “ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” (Nyagb. 4:9, 10) Esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi megbe kura gɔ̃ hã la, Paulo, Barnaba, kple ame bubuwo zɔ kple haxɔsetɔwo le subɔsubɔdɔa me. (Dɔw. 15:35) Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wòanye na wo dometɔ aɖewo be ŋutsu zazɛ̃ mawo nana hehe yewo!

3 Hehenana ƒe Ðoɖo Nyui Aɖe: Kristotɔwo ƒe hame si li egbea la nye gbeƒãɖeɖe habɔbɔ abe ƒe alafa gbãtɔ me tɔ ke ene. Enaa hehe mí hã. Ele be wòanye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzimedidi be yeagblɔ nyanyuia nyuie alesi yeate ŋui. Eyata be gbeƒãɖela geɖewo nabi ɖe edzi wu la, wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana ŋu.

4 Le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku si wowɔ va yi nyitsɔ laa me la, Habɔbɔa ɖe gbeƒã ɖoɖo aɖe be mɔɖelawo nakpe ɖe ame bubuwo ŋuti le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ðe nusia hiã? Ẽ, ehiã. Le ƒe etɔ̃ siwo va yi me la, gbeƒãɖela siwo wu miliɔn ɖeka ye xɔ nyɔnyrɔ, eye amesiawo dometɔ geɖewo hiã hehexɔxɔ be woabi nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me. Amekawoe woate ŋu azã atsɔ akpɔ hiahiã ma gbɔe?

5 Ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖelawo kple subɔsubɔdɔa ƒe Hehenasuku delawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu. Yehowa ƒe habɔbɔa naa aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame geɖe wo. Mɔɖelawo xɔa nufiame siwo ku ɖe woƒe hiahiãwo ŋuti le kwasiɖa eve Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Sukua me. Wogakpɔa viɖe tsoa kpekpe siwo wowɔna kple nutome sue kple nutome gã dzikpɔlawo me, tsɔ kpe ɖe mɔfiame siwo tsoa hamemegãwo gbɔ ŋu. Togbɔ be menye mɔɖelawo katã sie nuteƒekpɔkpɔ le de Paulo kple Barnaba nu o hã la, woxɔ hehe siwo ŋu viɖe le siwo wodina be yewoafia ame bubuwo.

6 Amekawoe Wòaɖe Vi Na? Gbeƒãɖela yeyewo alo nyɔnyrɔxɔla yeyewo koe akpɔ gome le ɖoɖo sia mea? Kura o! Ðevi kple ame tsitsi aɖewo li siwo dze si nyateƒea ƒe geɖe enye sia gake woakpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo si ŋuti woana kpekpeɖeŋu wo le la ŋu. Ame aɖewo naa agbalẽ ŋutɔ gake tɔtrɔyi wɔwɔ alo Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze sesẽna na wo. Ame bubuwo adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme bɔbɔe gake woakpɔ be yewoƒe nusrɔ̃viwo mele ŋgɔyiyi wɔm o. Nukae le wo hem ɖe megbe? Woate ŋu abia tso mɔɖela siwo si nuteƒekpɔkpɔ le si be woakpe ɖe wo ŋu le nusiawo me. Mɔɖela aɖewo te ŋu nyɔa amewo ƒe ɖetsɔleme, dzea Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme, eye wohea nusrɔ̃vi yeyewo ƒe susu vaa habɔbɔa dzi. Woƒe nuteƒekpɔkpɔ anye kpekpeɖeŋu le ɖoɖo yeye sia me.

7 Ðe nèkpɔ be yeƒe ɖoɖowo meɖea mɔ na ye be yeakpe asi ɖe hamea ƒe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu abe alesi nàdii ene oa? Mɔɖela aɖe ate ŋu awɔ dɔ kple wò ɣebubuɣiwo esime gbeƒãɖela bubuwo manɔ anyi ayi o.

8 Asikpekpeɖeŋu Nyui Hiã: Hamemegãwo awɔ ɖoɖo na gbeƒãɖela siwo di be woakpe ɖe yewo ŋu be woakpɔ gome le Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ƒe ɖoɖoa me, woawɔ ɖoɖoa zi eve le ƒe me. Ne èlɔ̃ be yeaxɔ kpekpeɖeŋu sia la, ke mia kple mɔɖela si wode dɔ asi na be wòakpe ɖe ŋuwò la mikpe ne miawɔ subɔsubɔdɔa ŋuti ɖoɖo si sɔ na mi eye miazɔ ɖe edzi. Wɔ ɖe ɖoɖo ɖesiaɖe dzi. Ne miele dɔ wɔm ɖekae la, lé ŋku ɖe mɔ ɖevi siwo dzi wòato agblɔ nyanyuia ŋuti. De ŋugble le nusita dzeɖonya aɖewo ʋãa ame la ŋu. Bu aɖaŋu siwo mɔɖelaa aɖo be nàtsɔ atrɔ asi le wò nyagbɔgblɔwo ŋu la ŋu. Ne èle nusiwo nèsrɔ̃ ŋudɔ wɔm la, wò ŋgɔyiyi le subɔsubɔdɔa me adze na wò ŋutɔ kple ame bubuwo siaa. (Kpɔ Timoteo I, 4:15.) Miwɔ dɔ aduadu zi alesi miate ŋui eye miakpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo katã me, tsɔ kpe ɖe vomeɖaseɖiɖi ŋuti, gake lé ŋku ɖe nusiwo me nèhiã kpekpeɖeŋu le la ŋu vevie.

9 Subɔsubɔdɔa dzikpɔla adi be yeanya ŋgɔyiyi si wɔm nèle. Ɣeaɖewoɣi la, abia alesi ɖoɖoa le vi ɖem na wòe le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla la gbɔ. Ne nutome sue dzikpɔla va srã hamea kpɔ la, eya hã ana kpekpeɖeŋu wò.

10 Yehowa di be yeƒe amewo naxɔ hehe ‘anɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Tim. II, 3:17) Bu Mɔɖelawo Nakpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ƒe ɖoɖoa be enye ɖoɖo nyui aɖe si akpe ɖe amesiwo di be yewoadzi yewoƒe gbeƒãɖeɖe nya la ƒe ŋutete ɖe edzi. Ne mɔnukpɔkpɔ ʋu na wò be nàkpɔ gome le eme la, xɔe kple akpedada, ɖokuibɔbɔ, kple dzidzɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe