INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/98 axa 8
  • Medi be Madze Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Medi be Madze Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Nusɔsrɔ̃ Geɖe Wu Wɔwɔ—Ehiã Mí
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza la Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Biblia ƒe Nufiafia Gbalẽa—Eya Koŋue Míatsɔ Asrɔ̃ Nu Kple Amewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 11/98 axa 8

Medi be Madze Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ Gɔme!

1 Mía dometɔ geɖe ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe didi fia, eye susu nyui aɖee wònye. Míeɖoa míaƒe taɖodzinu be míawɔ nusrɔ̃la yeyewo la gbɔ to Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa me. (Mat. 28:19, 20) Gake mía dometɔ geɖe míede gbeadzi ɣleti geɖe, ɖewohĩ míedee ƒe geɖe, gake dzidzɔ tɔxɛ si dona tsoa nyateƒea fiafia ame aɖe me la mesu mía si kpɔ o. Nukae míate ŋu awɔ tso esia ŋu le November me? Esi wònye Sidzedze-gbalẽa zã gee míele le ɣleti sia me ta la, míate ŋu adze agbagba etɔxɛe be míatsɔe adze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.

2 Ðo Kwasiɖanuwuwu Ðeka alo Geɖe Ði: Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòaɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le ɣleti sia me aɖoe kplikpaa be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye aɖe wɔwɔ gɔme. Ele be Hamea ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo natia kwasiɖanuwuwu si(wo) woazã koŋ na taɖodzinu sia eye woawɔ ɖoɖo na woƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo katã be woadze agbagba awɔ tɔtrɔyiwo.

3 Tsɔ wò tɔtrɔyiwɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖe asi va gbeadziyikpekpe siawo me. Azɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia, amesiwo xɔ agbalẽ, alo va kpekpewo la gbɔ. Wò taɖodzinu koŋ le sasrãkpɔ ɖesiaɖe si nàwɔ me nanye be yeadze nusɔsrɔ̃ aɖe gɔme.

4 Miwɔ Biblia Nusɔsrɔ̃ ƒe Wɔwɔfia: Le kpekpewo hena gbeadziyiyi aɖewo me la, miwɔ wɔwɔfia si wodzra ɖo nyuie tsɔ fia alesi woadze nusɔsrɔ̃ gɔmee ne wole tɔtrɔyiwo wɔm. Àte ŋu agblɔ be: “Biblia le ame geɖe si, gake womede dzesii be nyabiabia vevi siwo dze ŋgɔ mí katã le agbe me ƒe ŋuɖoɖowo le eme o. [Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe emenyawo ɖoƒe tsɔ fiae, eye nàxlẽ ta 3, 5, 6, 8, kple 9 ƒe tanyawo.] Ne míezã Biblia-srɔ̃gbalẽ sia gaƒoƒo ɖeka alo esi wu ema le kwasiɖa ɖeka me la, àte ŋu ase Biblia me nya veviwo gɔme le ɣleti ʋee aɖewo ko me. Ne àdi be yeatia tanya siawo dometɔ ɖeka la, anye dzidzɔ nam be mafia alesi míewɔnɛ la wò.” Ne le vovomanɔanyi ta amea medi be yeasrɔ̃ nua o la, ɖe nu me nɛ be ɖoɖo bubu le mía si si mexɔa ɣeyiɣi kura o. Tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la fiae eye nàdoe ɖe egbɔ be yeawoasrɔ̃ ta ɖeka kpuie kwasiɖa ɖesiaɖe hena aɖabaƒoƒo 15 va ɖo 30.

5 Ne mí katã míedze agbagba be míadze nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme eye míedo gbe ɖa bia Yehowa ƒe yayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi la, míakpɔ nusrɔ̃vi yeyewo godoo! (Yoh. I, 5:14, 15) Ne èle Biblia-nusɔsrɔ̃ dim nàwɔ la, ɖewohĩ esiae nye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàdze ɖe wɔwɔ gɔme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe