Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza la Me
1 Nyatakaka siwo tso xexeame godoo fia be Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadza la nye dɔwɔnu nyui aɖe si woatsɔ afia nyateƒea amewoe. Wodzea Biblia-nusɔsrɔ̃ akpe geɖe gɔme le agbalẽ gbadza sia me kwasiɖa sia kwasiɖa. Ète ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me heyi ewɔwɔ dzia?
2 Togbɔ be ele bɔbɔe na ame akpa gãtɔ be woana agbalẽ gbadzaa hã la, esesẽna na ame aɖewo be woakpɔ nya si woagblɔ atsɔ adze nusɔsrɔ̃a gɔmee. Mɔnu kawoe ame bubuwo zã wòdze edzi na wo le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa tsɔtsɔ dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee? Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe mía ŋu.
3 Do Susua Ða be Yeawɔ Alesi Wowɔa Nusɔsrɔ̃ae Afia Amea: Ne zi gbãtɔe míeyi alo tɔtrɔyi wɔmee míele la, le esi míado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe aƒemenɔlaa gbɔ ko teƒe la, míate ŋu awɔ alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e afia. Esia aɖe tamebubu kpakple dzimaɖitsitsi si nɔa aƒemenɔla geɖe me ne wose nya “nusɔsrɔ̃” la ɖa. Ne míenya alesi míawɔe afia ko la, míakpɔe be le ŋgɔdonya bɔbɔe aɖe gbɔgblɔ vɔ megbe la, míate ŋu adze nusɔsrɔ̃a gɔme tẽ.
4 Nu Vevitɔe Nye Dzadzraɖo: Dzadzraɖo nyui si míawɔ ye ana dzo nanɔ mía me ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋu. Dzadzraɖo do ŋgɔ akpe ɖe mía ŋu míaɖu heheɖemegbe ɖesiaɖe si anɔ mía me ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa ŋu la dzi. Le míaƒe dzeɖonya me toto edziedzi me la, etsɔtsɔ aɖo dzee anya wɔ na mí wu, eye míate ŋu agblɔe le mía ŋutɔ míaƒe nyagbewo me. Menye ɖeko esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖe dzi ɖi ko o ke ana aƒemenɔla hã navo le eɖokui me.
5 Ne èle dzeɖonyaa me tom la, ade dziwò ne ède dzesi ɣeyiɣi didi si wòxɔ ale be nàte ŋu ana aƒemenɔlaa nanya ɣeyiɣi didi si wòaxɔ be nàwɔ nusɔsrɔ̃a afiae. Esi nɔviŋutsu aɖe ɖe eɖokui nu vɔ la, egblɔ be: “Medze to gbɔwò be maƒo nu tso aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo si le mía si ŋu na wò. Axɔ abe aɖabaƒoƒo atɔ̃ ene be mafia wò alesi míewɔnɛ. Àte ŋu akpɔ aɖabaƒoƒo atɔ̃ pɛ koa?” Woate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo si ade atɔ̃ awɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza me Nusɔsrɔ̃ 1 ƒe wɔwɔfia. Ele eme be ŋɔŋlɔ tiatia aɖewo koe woate ŋu axlẽ le ɣeyiɣi sue sia me ya, gake ne míetsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo wɔ nusɔsrɔ̃ gbãtɔe wu enu la, aƒemenɔlaa ate ŋu anya nu tso eƒe nusɔsrɔ̃ gbãtɔa ŋu. Emegbe na wòanya be aɖabaƒoƒo 15 koe Nusɔsrɔ̃ 2 lia si yeatrɔ ava yewoawɔ la axɔ.
6 Dzeɖonya si gbɔna zazã ɖe vi: “Madi be mawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si míato mɔ bɔbɔe ŋutɔ aɖe dzi asrɔ̃ nu geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe me le agbalẽ gbadza sia si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? me afia wò. Ame geɖe kpɔe be le ɣeyiɣi kpui aɖe ko abe aɖabaƒoƒo 15 ene zazã kwasiɖa ɖesiaɖe la, yewoate ŋu akpɔ Ŋɔŋlɔawo me ŋuɖoɖo siwo me kɔ na Biblia me nyabiabia vevi siawo.” Tsɔ nya siwo le emenyawo ɖoƒe fiae kpuie. Trɔ ɖe Nusɔsrɔ̃ 1 ŋu nàgblɔ be: “Ne àte ŋu ana abe aɖabaƒoƒo atɔ̃ ene mí la, míadi be míafia alesi míewɔnɛ wò. Nusɔsrɔ̃ 1 ƒe tanyae nye ‘Alesi Nàwɔ Anya Nusi Mawu Di.’” Emegbe xlẽ nyabiabia etɔ̃awo, eye nàgblɔ nusi xexlẽdzesi siwo le kpɔtɔtɔ me fia. Xlẽ memamã 1, eye nàfia alesi aƒemenɔla awɔ akpɔ ŋuɖoɖoae. Àte ŋu abia tso aƒemenɔlaa si be wòaxlẽ memamã 2 lia. Emegbe gblɔ be: “Aleke nàtsɔ nyatakaka sia aɖo biabia sia ŋui? [Gaxlẽ nyabiabiaa ake, eye nàna aƒemenɔlaa naɖo eŋu.] Àde dzesii be mawunyakpukpuiwo kpe ɖe memamã ɖesiaɖe ŋu. Mawunyakpukpui siawoe he míaƒe susu yi alesi Biblia ɖo nyabiabia siawo ŋui dzi. Le kpɔɖeŋu me, na míaxlẽ Timoteo II, 3:16, 17 ne míakpɔ be ewɔ ɖeka kple ŋuɖoɖo si nèna tso amesi ŋlɔ Biblia ŋu hã.” Ne miexlẽ memamã 3 lia, miedzro nyabiabiaa me, eye miexlẽ Yohanes 17:3 vɔ la, gbugbɔ to Nusɔsrɔ̃ 1 me atsɔ ahe aƒemenɔlaa ƒe susu ayi sidzedze si su esi la dzi. Va ɖo afisia la, àte ŋu atrɔ ɖe Nusɔsrɔ̃ 2 lia ŋu axlẽ biabia mamlɛtɔ, “Mɔ eve kawo dzie míate ŋu ato asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?” Emegbe bia be: “Ɣekaɣie nàkpɔ aɖabaƒoƒo 15 ale be míate ŋu asrɔ̃ Nusɔsrɔ̃ 2 lia akpɔ ŋuɖoɖoa?”
7 Ele vevie be nàna numedzodzroa nanɔ bɔbɔe eye nàkafu aƒemenɔlaa ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Ne èle sasrãkpɔ bubu ƒe ɖoɖo wɔm la, le esi teƒe be nàbiae anya ne edi be yeayi nusɔsrɔ̃a dzi hã la, de dzi ƒo nɛ ko be miato mɔ sia ke dzi hena nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo wɔwɔ. Na wòanya be yele mɔ kpɔm be yeatrɔ ava. Gbeƒãɖela aɖewo doe ɖa be yewoawɔ nusɔsrɔ̃a le telefon dzi ne esesẽ be woakpe. Àte ŋu ade dzi ƒo na aƒemenɔlaa be wòadzra agbalẽ gbadzaa ɖo nyuie ale be wòanɔ asitsɔƒe yewoazã ɣebubuɣi si yeva.
8 Ðo Tame Kplikpaa: Togbɔ be dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe dzadzraɖo dzi hã la, ele be míaɖoe kplikpaa be míazɔ ɖe edzi. Nusɔsrɔ̃ blibo ɖeka fiafia le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo me manɔ bɔbɔe o, eyata ɖoe kplikpaa be yeato dzeɖonyaa me zi geɖe alesi hiã ale be ewɔwɔfia namã wò. Dze agbagba be yeawɔ nusɔsrɔ̃a afia amesiame si yeado goe le ʋɔtru nu, le vomeɖaseɖiɖi me, kple le telefon ɖaseɖiɖi me. Ne ele sesẽm na wò be nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme la, dzi megaɖe le ƒowò o. Dzidzedzekpɔkpɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze me bia tameɖoɖo kplikpaa kple didi vevie be yeana ame bubuwo nanya nyateƒea.—Gal. 6:9.
9 Ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo wɔ dɔe la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu wò hã asiwò be nàto Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze kple ewɔwɔ le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me dzi akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava agbemɔ la dzi.—Mat. 7:14.