INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/99 axa 3-4
  • Mɔɖeɖedɔa—Míaƒe Ɣeyiɣi Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔɖeɖedɔa—Míaƒe Ɣeyiɣi Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Míagate Ŋu Awɔea?—Míegale Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Dim
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 4/99 axa 3-4

Mɔɖeɖedɔa—Míaƒe Ɣeyiɣi Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe!

1 ‘Dɔwo sɔ gbɔ ɖe dzinye xoxo! Ðe wòanye nusi me nunya le nam be madze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ɣeyiɣi sia mea?’ Aleae nɔvinyɔnu aɖe nɔ bubum esi wònɔ to ɖom hamemegã mɔɖela aɖe si nɔ nuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋgɔyiyi Le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me” ƒom le nutome sue takpekpe aɖe me. Nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si nɔ nyasela mawo ke dome la hã nɔ eɖokui biam be, ‘Aleke wòte ŋu wɔ ɖoɖo ɖe mɔɖeɖedɔa ŋui? Nyemenye hamemegã o, gake dɔwɔna geɖe xɔ nye agbe me xoxo!’

2 Esi hamemegãa yi edzi nɔ yayra siwo dona tsoa mɔɖeɖedɔa me gblɔm la, ebia gbe mɔɖela geɖe siwo le nutome suea me, amesiwo ƒo nu tso asitɔtrɔ siwo wowɔ ale be yewoate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa kple alesi Yehowa yra woƒe agbagbadzedzewo geɖe ŋuti. Wo dometɔ ɖeka nye nuwɔametɔ, ɖeka srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ, eye ɖeka ɖe asi le xexemedɔ aɖe ŋu gake te ŋu le agbe nɔm ɖe ga sue si wòkpɔna la nu. Esi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo nɔ nyaselawo dome la nɔ alesi mɔɖela siawo le dzidzedze kpɔm to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me sem la, wogbugbɔ ŋku lé ɖe woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu kple nɔnɔmewo ŋuti. Míele kpewòm be wò hã nàwɔ esia, vevietɔ esi mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidi si dzi woɖe kpɔtɔ la nye esi gbɔ nyanyuigbeƒãɖela geɖe ate ŋu aɖo ta.

3 Míenya be Yehowae nye Wɔla la kple Xexeame Katã Dziɖulagã eye be eyae nye míaƒe agbedzɔtsoƒe. (Dan. 4:17; Dɔw. 17:28) Eme kɔ na mí be habɔbɔ ɖeka pɛ ko ŋudɔ wɔm Yehowa le. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míele subɔsubɔm kplii nuteƒewɔwɔtɔe, hele asi kpem ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ŋu le ɖaseɖiɖi tso Fiaɖuƒea ŋu hafi nuwuwua nava. (Mat. 24:45; 25:40; Pet. I, 2:9) Esi míeɖo ‘ŋkeke mamalɛawo’ me ʋĩ ta la, míedze sii be ɣeyiɣi si míatsɔ aɖe gbeƒãe la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. (Tim. II, 3:1) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ehiã be míana ŋutilãmekpekpeɖeŋu míaƒe ƒomewo. (Tim. I, 5:8) Edze abe ame ƒe fetu megale dedem abe alesi wònɔ tsã ene o. Ðewohĩ míaƒe lãmesẽ megale abe alesi wònɔ tsã ene o. Eye, ne míato nyateƒe la, míedi be míakpɔ vovo vi aɖe ɖe mía ɖokui ŋu kple nunɔamesi aɖewo atsɔ akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔe. (Nyagb. 3:12, 13) Eyata anɔ wɔwɔm na mí eveve be ɖe nunya anɔ eme ŋutɔŋutɔ be míaxɔ amekpekpea awɔ mɔɖeɖedɔa hã.

4 Ekpo ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe gbɔ be míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmewo ŋu nyuie ahakpɔ be míate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa hã. (Rom. 14:12; Gal. 6:5) Edea dzi ƒo ne míekpɔ be amesiwo xɔ amekpekpea hele mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Togbɔ be ŋkeke mamlɛ siawo me nyaƒoɖeamenuwo kple kuxiwo li hã la, subɔsubɔƒea ƒe nyatakaka si dze le 1999 Yearbook me ɖee fia be Yehowa ƒe ame 700,000 kloe siwo le xexeame godoo tsɔ kutrikuku le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Eɖanye gakuxi sesẽwo me tom nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo le hafi le subɔsubɔm o, eɖanye ʋue womekpɔna ɖona o, eɖanye lãmegbegblẽe ɖea fu na wo, alo kuxi kple nɔnɔme sesẽ bubuwo mee wotona o, ɖeɖi mele wo ŋu tem le dɔ nyui wɔwɔ me o, eye esia dze na kafukafu. (Gal. 6:9) Wole wɔwɔm ɖe nya si Yehowa gblɔ be woado ye kpɔ la dzi. (Mal. 3:10) Wose le wo ɖokui me be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye yewoƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesi ʋee siwo le yewo si la ŋudɔwɔwɔ nunyatɔe eye be Yehowa yra yewo vavã esi yewowɔ asitɔtrɔ siwo hiã hege ɖe mɔɖeɖedɔa me gale edzi.

5 Woyraa Mɔɖelawo: Nɔvinyɔnu aɖe si le Cameroon si si vinyɔnu dzaa aɖe le la gblɔ be: “Vinyenyɔnua nɔa ŋunye le gbeadzi ɣesiaɣi tso keke esi medzii. Hafi wòadze azɔlizɔzɔ gɔme gɔ̃ hã la, mekpanɛ ɖe me. Esi menɔ gbeadzi ŋdi aɖe la, metɔ ɖe kplɔ̃dzinudzrala aɖe ŋu le mɔ to. Ðevia ɖe magazine geɖe le nye akploa me eye wòdzo le axanye. Ezɔ takataka yi kplɔ̃dzinudzrala si tsiã ɖe enu la gbɔ. Togbɔ be mete ŋu gblɔ nya boo aɖeke o hã la, nyɔnu aɖe ƒe susu trɔ ɖe eŋu eye ɖevia tsɔ magazine aɖe nɛ. Ewɔ nuku na nyɔnua ŋutɔ be wòkpɔ be ɖevi sue sia le dɔa sia wɔm. Exɔ magazine la eye wòlɔ̃ ɖe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dzi enumake!”

6 Esime wokpe ame geɖe be woava wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, hamemegã aɖe si nye ƒome ƒe ta le Zambia eye wòganye ɣeyiɣiawo katã ƒe ŋutilãme dɔwɔla la tso ɖe yɔyɔa ŋu ɖoe be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa togbɔ be vovo mele eŋu o hã. Edi be yeaɖo kpɔɖeŋu na hamea kpakple eƒe ƒomea. Ɣeaɖewoɣi la, etɔa eƒe ʋu ɖe lɔrimɔ to eye wòƒoa Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona si wolé ɖe kasɛt dzi eye wòmiãa asi amesiwo va le yiyim la be woava se nusi xlẽm wole la. To mɔ ma dzi la, ete ŋu na Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽ 16 kple Sidzedze-gbalẽ 13, eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ eve gɔme.

7 Wode dzesi mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ nyui aɖe le Zimbabwe si nye dukɔ si te ɖe Zambia ŋu la me. Le April 1998 me la, hame aɖe si me gbeƒãɖela 117 nɔ la bu kpekpeɖeŋu mɔɖela 70 kple gbesiagbe mɔɖela 9 ƒe akɔnta. Hame bubu si me gbeƒãɖela 94 le la dome ame 58 wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Gakpe ɖe eŋu la, hame bubu si me gbeƒãɖela 126 le ka nya ta be ame 58 ye ɖoe wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kpe ɖe gbesiagbe mɔɖela 4 ŋuti. Subɔsubɔƒe si va yi la nye esi nɔ etɔxɛ le Zimbabwe. Togbɔ be nɔvi siwo le afima mevo o le ƒomenyawo, hamea me dɔdasiwo, kple alɔdzedɔwɔƒe tutu ta hã la, wolé fɔ ɖe woƒe ɣeyiɣi zazã nunyatɔe le gbeadzi ŋu.

8 Mɔɖelawo dze sii be mɔɖeɖedɔa gɔmedzedze kple kutrikuku le eme menɔ te ɖe yewo ŋutɔ ƒe ŋusẽ dzi o. Woawoe nye ame gbãtɔ siwo lɔ̃na ɖe edzi be nusianu si yewote ŋu wɔna la kpɔa dzidzedze elabena ‘yewonɔa te ɖe ŋusẽ si Mawu nana dzi.’ (Pet. I, 4:11) Woƒe xɔse wɔnɛ be wote ŋu wɔa woƒe subɔsubɔdɔa tso ŋkeke yi ŋkeke. Le esi teƒe be woadi nusiwo dze woawo ŋutɔ ŋu kple woƒe dzidzeme la, mɔɖela siwo kpɔ dzidzedze la dze sii be ŋgɔyiyi abia “ʋiʋli geɖe,” gake yayra geɖe dona tsoa eme na wo.—Tes. I, 2:2.

9 Ehiã be Míasrɔ̃ Paulo ƒe Kpɔɖeŋu: Woŋlɔ alesi apostolo Paulo wɔ eƒe subɔsubɔdɔa de goe kple kpekpeɖeŋu nyui si wòna ame geɖewo la ɖe Biblia me. Ke hã, nenye be agba awu ame aɖe la, ekema Pauloe anye ame gbãtɔ. Edo dzi le fukpekpewo kple yometiti me kple susu be yeate ŋu aɖe gbeƒã nyanyuia ahado ŋusẽ hameawo. Ehiã be wòanɔ te ɖe lãmegbegblẽ sesẽ aɖe hã nu. (Kor. II, 11:21-29; 12:7-10) Eɖoe kplikpaa be yeazã yeƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe. Elɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dzie yeto wɔ yeƒe dɔwo de goe. (Fil. 4:13) Amesiwo ŋu Paulo kpe ɖo dometɔ aɖeke makpɔ susu aɖeke si ta woagblɔ be eƒe ɣeyiɣi kple agbagbadzedze le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la nye dzodzro alo be anye ne ezãe le mɔ nyui bubu nu hafi o. Le nyateƒe me la, Paulo ƒe ɣeyiɣi si wòzã le nunya me la gale vi ɖem na míawo hã egbea! Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze blibo ɖe aɖaŋu si gbɔgbɔ ʋãe wòɖo be wòakpe ɖe mía ŋu míanya nusiwo míaɖo nɔƒe gbãtɔ ahaku ɖe nyateƒea ŋu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la ŋu enye si!

10 ‘Ɣeyiɣi si kpɔtɔ’ míatsɔ aɖe gbeƒã nyanyuia ‘le kpuie’ wu tsã. (Kor. I, 7:29; Mat. 24:14) Le esia ta, esɔ be míabia mía ɖokui se be, ‘Nenye be nye agbe awu enu etsɔ la, ɖe mate ŋu agblɔ na Yehowa egbea be mewɔ nye ɣeyiɣiwo ŋudɔ nunyatɔea?’ (Yak. 4:14) Nukata màgblɔe na Yehowa le gbedodoɖa me fifia aka ɖe edzi nɛ be esi yenye eƒe Ðasefowo dometɔ ɖeka ta la, yedi be yeazã yeƒe ɣeyiɣi le nunya me o? (Ps. 90:12) Do gbe ɖa nàbia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be yeanɔ agbe si le bɔbɔe. Togbɔ be ɖewohĩ ègblɔe tsã be yemate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o hã la, ɖe wòanye be èkpɔe azɔ̃ be yeate ŋu akpɔ ɖoƒe aɖe na mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le yeƒe agbe mea?

11 Wɔ Wò Nɔnɔmewo Ŋudɔ Wòaɖe Vi: Eme kɔ be menye amesiame si di be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔae akpɔ ɣeyiɣi na gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti o le nɔnɔme aɖewo ta. Gake gbeƒãɖela geɖe te ŋu wɔa ɖoɖo be yewoazã gaƒoƒo 50 le ɣleti ɖeka me awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi loo alo atsiã ɖe enu. Nenye be wò nɔnɔmewo le ale gbegbe be màte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa fifia o hã la, lé dzi ɖe ƒo. Yi edzi nàdo gbe ɖa be wò nɔnɔmeawo natrɔ. Le ɣeyiɣi sia me nenye be màte ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖeke kura o la, nyanya be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nusianu si nètsoa luʋɔ blibo me wɔna le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu nefa akɔ na wò. (Mat. 13:23) Enya be èle tsitre sesĩe ɖe yeƒe akpa dzi eye be èle agbagba dzem sesĩe be yeanye gbeƒãɖela wɔnuteƒe si meɖea mɔ be ɣleti aɖeke va yina si me yemezãa mɔnukpɔkpɔ aɖeke tsɔ ɖia ɖase o. Ðewohĩ àte ŋu awɔ ŋgɔyiyi ana wò ɖaseɖiɖi ŋutetewo nanyo ɖe edzi, adze agbagba anye nyanyui gbeƒãɖela kple nufiala bibi.—Tim. I, 4:16.

12 Esi “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” tu aƒe ale gbegbe ta la, ehiã be míawɔ ɣeyiɣi si kpɔtɔ la ŋudɔ nunyatɔe nenye be míawu dɔ si wode asi na mí la nu. (Yoel 3:4) Satana nyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie, eye wòle nusianu si wòate ŋui la wɔm wu tsã be yeatɔtɔ míaƒe agbenɔnɔ ɖe edzi ahana wòasesẽ na mí be míalé fɔ ɖe nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ la ŋu. (Fil. 1:10; Nyaɖ. 12:12) Mègabu ŋudzedze si Mawu kpɔna ɖe ŋuwò nu tsɛe gbeɖe o. Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe si le bɔbɔe ahawɔ tɔwò sinua katã le subɔsubɔdɔa me. (Ps. 145:16) Dzidzɔtɔe la, esi ame geɖe gbugbɔ le ŋku lém ɖe woƒe nɔnɔmewo ŋu la, wole ekpɔm be yewoate ŋu aƒo yewo ɖokui ɖe kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me. Nyateƒee, mɔɖelawo kpɔa dzidzeme deto le woƒe ɣeyiɣiwo ŋudɔwɔwɔ nunyatɔe me. Ànye wo dometɔ ɖekaa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe