Sukudede Kple Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo
1 Ne ède suku hexɔ gɔmedzenufiafia nyui le ɖevime la, ate ŋu ana nànya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie, eye ànya nu geɖe tso anyigbaŋutinunya, ŋutinya, akɔntabubu, kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu. Le ema wɔwɔ me la, àte ŋu asrɔ̃ alesi wobua tame nyuie, dea ŋugble le nya veviwo ŋu, kpɔa kuxiwo gbɔ, hewɔa dɔ nyuiwo le ame ɖokui si. Ne èwɔ nusiawo le wò sukudede me la, aɖe vi na wò le wò agbemeŋkekewo katã me. Aleke wò sukudede do ƒome kple wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwoe, si akpe ɖe ŋuwò be ‘nunya vavã kple tamebubu ŋutete’ nasu asiwò?—Lod. 3:21, 22.
2 Mizu Dɔwɔnu Nyuiwo le Mawu ƒe Subɔsubɔdɔa Me: Ne èle suku dem la, ɖo to nyuie le sukuxɔ me eye nàwɔ sukudɔ siwo wode asi na wò be nàwɔ le aƒeme nyuie. Ne ènya nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ nyuie la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nàdzro Mawu ƒe Nya la me eye ŋusẽ nanɔ ŋuwò le gbɔgbɔ me. (Dɔw. 17:11) Nu geɖe nyanya akpe ɖe ŋuwò nànya alesi nàwɔ nu ɖe ame vovovo siwo ƒe susu kple dzixɔsewo to vovo ŋu nyuie ne èdo go wo le gbeadzi. Hehe si nàxɔ le suku akpe ɖe ŋuwò le wò Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ me le Mawu ƒe habɔbɔa me.—Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 2:21; 4:11.
3 Srɔ̃ Nusi Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dɔ Awɔ: Ne èdze agbagba la, àte ŋu asrɔ̃ aɖaŋu si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ awɔ ne èdo le suku. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:8.) Tia nusiwo nàsrɔ̃ la nyuie. Le esi teƒe be nàku ɖe nusɔsrɔ̃ si ƒe dɔkpɔkpɔ sesẽ ŋu la, bu tame le asinudɔ alo aɖaŋu si akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ si sɔ le afisiafi boŋ ŋu. (Lod. 22:29) Hehe sia tɔgbe xɔxɔ akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ awɔ ne èva tso nya me be yeasubɔ le afisi hiahiã la lolo le wu.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 18:1-4.
4 Gɔmedzenuwo sɔsrɔ̃ le suku ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu. Dze agbagba vevie nàsrɔ̃ aɖaŋu siwo hiã be nàkpɔ dɔ awɔ ne èle ŋgɔ yim le Yehowa subɔsubɔ me. Ne èwɔe alea la, wò sukudede akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ.