INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/97 axa 2
  • Na Sukudede Naɖe Vi na Wò Bliboe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Sukudede Naɖe Vi na Wò Bliboe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sukudede Kple Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nu Kae Mawɔ Ne Sukudede Medzɔa Dzi Nam O?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Sɔhɛ Siwo Ðoa Ŋku Wo wɔla Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 8/97 axa 2

Na Sukudede Naɖe Vi na Wò Bliboe

1 Fifiae nye ƒea ƒe ɣeyiɣi si me ɖevi geɖe biana be: “Ke ɖe megale tɔtrɔ ge ayi suku xoxoa?” Togbɔ be kuxi kple dzimaɖitsitsi aɖewo anɔ tɔtrɔ yi suku me hã la, aɖe vi geɖe hã na ɖevi siwo doa vevie nu be yewoakpɔ viɖe gbogbotɔ kekeake tso yewoƒe sukudede me.

2 Suku nyui dede va ɖo afisi sɔ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Nusi wowɔ le ame ƒe ɖevime ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nusi wòate ŋu awɔ ne wòtsi dzi. Le sukudede gɔ̃ hã gome la, “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Gal. 6:7) Ŋutete siwo ana woazu viɖenu nyui wu na Yehowa la ate ŋu asu ɖevi siwo doa vevie woƒe sukunuwo srɔ̃na si.

3 Nuŋububu nyuie do ŋgɔ hiã bene woawɔ tiatia nyuiwo le suku nusɔsrɔ̃wo me. Ele be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu be woatia esiwo me woaxɔ hehe nyui gbogbotɔ le, si akpe ɖe wo ŋu woaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ le woƒe agbe me. Ne ɖeviwo tu woƒe ŋutetewo ɖo la, aɖe vi na wo be woate ŋu akpɔ wo ɖokui dzi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ele be woƒe sukudede va ɖo afisi sɔ la nakpe ɖe wo ŋu be woakafu Yehowa le afisiafi si wole subɔsubɔm le.

4 Ðeviwo, midze agbagba be ƒe siwo miatsɔ ade sukui naɖe vi gbogbotɔ kekeake na mi. Le esia wɔwɔ me la, mina miaƒe susu nanɔ alesi mianɔ agbe si aɖe vi bliboe le subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me dzi, menye xexemedɔ gã aɖe wɔwɔ ŋu o. Dze agbagba nàzã wò agbe le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Ana nu nadze edzi na wò eye wòanye kafukafu na Yehowa.—Ps. 1:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe