Kpɔ Ŋusẽ si Le Biblia Si!
Aleke? Kpɔ video si nye The Bible—Its Power in Your Life. Enye video siwo tsiã ɖe enu si ƒe tanyae nye The Bible—A Book of Fact and Prophecy la ƒe akpa etɔ̃lia.
Èdi be yeakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe mea? Ðe nèle ɣeyiɣi sesẽwo me toma? Aleke sɔhɛwo awɔ atsi ava zu ame tsitsi ɖotawo? Biblia ate ŋu akpe ɖe ame ŋu, abe alesi video sia ɖee fia ene. Se nya siwo amewo gblɔ le ŋusẽ nyui si Biblia kpɔ ɖe wo dzi le woƒe agbe me. Se numeɖeɖe siwo wona ku ɖe alesi eƒe gɔmeɖosewo kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe egbe ŋkekea me kuxiwo nui.
Video sia nye dɔwɔnu vevi aɖe si míate ŋu atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ yeyewo ŋu woakpɔ viɖe siwo le Mawu ƒe Nya la zazã be wòanye mɔfianu le woƒe agbe me. The Bible—Its Power in Your Life le Habɔbɔa si. Àte ŋu adɔe le hamea ƒe agbalẽdzikpɔla gbɔ.