Video Si Nye The Bible—Its Power in Your Life
Biblia la kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ heva zu ame ɖɔʋuwo. Biblia ƒe gɔmeɖose siwo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple egbekuxiwo la dometɔ aɖewo ɖe? Ðikeke mele eme o be ado dzidzɔ na wò be nàkpɔ nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo ne èkpɔ video si ƒe tanyae nye The Bible—Its Power in Your Life, (Biblia La—Ale Si Wòate Ŋu Akpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzi). Esia nye video etɔ̃ siwo le DVD si ƒe tanyae nye The Bible—A Book of Fact and Prophecy dzi la ƒe evelia. Le video sia kpɔkpɔ megbe la, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo nyabiase siawo ŋu hã?
(1) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye agbalẽ ɖedzesi aɖe koe Biblia la nye o? (Heb. 4:12) (2) Ne Biblia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be agbea naka ɖe eme na wo wu la, ke nu ka tae kuxi geɖe le fu ɖem na ameƒomea alea gbegbe? (3) Tanya vevi kae le Biblia bliboa si? (4) Mawunyakpukpui kawoe woyɔ siwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be (a) dzeɖoɖo ƒe kadodo si le wo dome la nanyo ɖe edzi wu eye (b) woaɖu woƒe dziku dzi? (5) Aleke Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu le srɔ̃ɖeɖe ŋu nana ƒomegbenɔnɔ nyona ɖe edzi? (Ef. 5:28, 29) (6) Aleke Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na dzilawo? (Mar. 1:9-11) (7) Aleke dzilawo ate ŋu awɔ ƒomenusɔsrɔ̃ wòavivi? (8) Nu ka hã ƒe dzie Mawu ƒe Nya de ƒo na dzilawo be woawɔ na wo viwo tsɔ kpe ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo ŋu? (9) Aleke Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu be woakpɔ woƒe gakuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe? (10) Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe dzadzɛnyenye, atike vɔ̃ɖiwo zazã, aha tsu nono, kple nuteɖeamedzi ŋu, kawo dzi wɔwɔe ate ŋu aɖe lãmesẽkuxiwo dzi kpɔtɔ? (11) Biblia ƒe ŋugbedodo kawoe ate ŋu ado ŋusẽ mí? (Hiob 33:25; Ps. 145:16) (12) Tɔtrɔ kawoe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi wɔwɔ he va wò ŋutɔ wò agbe me? (13) Alekee nàte ŋu azã video sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu?