Dzro Yehowa ƒe Nya La Me Gbesiagbe!
1 Ŋkeke ɖesiaɖe hea gbetɔame yeye siwo doa wò xɔse kpɔ vɛ. Ðewohĩ ame nyanyɛ si nye xexemetɔ ƒoa nya ɖe nuwò edziedzi be gbeɖoɖoɖi nanɔ mia kplii dome. Wò nufiala di be nàsrɔ̃ ŋutilãmedɔ aɖe ayi ŋgɔ, alo wò dɔtɔ di be nàwɔ dɔ gaƒoƒo geɖe wu. Wò lãmesẽnyawo ate ŋu anɔ gbegblẽm ɖe edzi. Togbɔ be dodokpɔ siawo ƒomevi ate ŋu ava dziwò ɣesiaɣi hã la, mètsi akogo o. Yehowa le klalo be yeana nunya si nèhiã be nàte ŋu anɔ te ɖe wo nu. Mawunyakpukpui kple nya siwo le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me la me dzodzro nye mɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato asrɔ̃ Yehowa ƒe Nya la edziedzi. Ðe nèwɔa mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ nyuiea?
2 Kpekpeɖeŋu Li: Yesaya 30:20 gblɔ tso Yehowa ŋu be enye “Nufiala Gãtɔ” si gbɔ Mawu ƒe amewo ate ŋu aɖo tae hena kpekpeɖeŋu. Enaa nusi tututu nèhiã be nàte ŋu anɔ te ɖe wò xɔse ƒe dodokpɔwo nu. Aleke? Kpukpui si kplɔe ɖo ɖe eme be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi!” Egbea Yehowa ɖo eƒe “nya” ɖe mí to Ŋɔŋlɔawo kple agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla” ta dzi. (Mat. 24:45) Nunya gbogbo aɖe le Gbetakpɔxɔ nyati siwo wota va yi ɖeɖe dzaa me siwo ƒo nu tso Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu. Esiwo woyɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe me la me dzodzro akpe ɖe ŋuwò be nàtu sidzedze gbogbo si le vevie le tenɔnɔ ɖe dodokpɔ ɖesiaɖe ƒomevi si ava mía dzi nu la ɖo.—Yes. 48:17.
3 Wɔ Ðoɖo Ðe Eŋu: Togbɔ be vovo menɔa anyi le ŋdiwo me o hã la, vidada aɖe ɖoe kplikpaa xlẽa mawunyakpukpuia eye wòdzroa eme kple viaŋutsu esime wole ŋdinu ɖum. Nya siawo hekpe ɖe gbedodoɖa me nyawo ŋu nye nya mamlɛtɔ si wòsena ŋdi sia ŋdi hafi yia suku. Wodo ŋusẽe be wòanɔ te ɖe amesiwo di be yewoable enu ade gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me nu, be wòawɔ nyametsotso matrɔmatrɔ ne wòdze ŋgɔ dulɔlɔ̃ ƒe dodokpɔ, eye be wòaɖi ɖase vɔvɔ̃manɔmee na eƒe sukuhatiwo kple nufialawo siaa. Togbɔ be eya ɖeka koe nye Ðasefo le sukua hã la, mese le eɖokui me kpɔ gbeɖe be yetsi akogo o.
4 Di mɔfiame kple ametakpɔkpɔ tso Yehowa gbɔ kple tso eƒe Nya la me. Ne èwɔ esia la, àkpɔe be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na wò kple xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo. Do gbe ɖa nɛ gbesiagbe! Neva eme na wò kple ame miliɔn geɖe siwo le xexeame katã, siwo dia kpekpeɖeŋu tsoa Mawu ƒe Nya la me gbesiagbe, be miaƒe ŋkuwo nazu ‘ŋku siwo kpɔa míaƒe Nufiala Gãtɔ.’