INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/00 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 10
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 17
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 24
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 31
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 7
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 1/00 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 10

Hadzidzi 107

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

15 min: “Nana be Amewo Nanya Yehowa ƒe Ŋkɔ le Xexe Blibo la Katã Me.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Gblɔ nya siwo wogblɔ tso vomeɖaseɖiɖi ŋu le Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa, axa 93-4 me kpee.

20 min: Ʋumazãmazã le Lãmesẽnyawo me ƒe Tiatia si Le Se Nu Wɔwɔ. (Dɔw. 15:28, 29) Hamemegã si dze ƒe nuƒo. Ne kpekpe sia wu enu la, woana “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvi yeye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo katã, eye amesiwo si ɖevi maxɔnyɔnyrɔwo le axɔ “Identity Card” na ɖevi ɖesiaɖe. Migakpe agbalẽvi siawo ɖo fiẽ sia o. Mikpe wo ɖo nyuie le aƒeme gake MIGADE asi wo te O. Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo mee woade asi agbalẽviawo katã te le, ɖasefo nakpɔ eteƒe ade asi ete, eye woaŋlɔ ɣletiŋkeke ɖe edzi to agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe kpekpeɖeŋu me. Mikpɔ egbɔ be yewokpe agbalẽviawo ɖo keŋkeŋ hafi ade asi ete. Ele be amesiwo aɖu ɖasefo nakpɔ eteƒe ŋutɔŋutɔ be amesi tɔ agbalẽvia nye la ŋutɔ de asi ete. Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu atrɔ asi le agbalẽvi sia dzi nyawo ŋu wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmewo kple dzixɔsewo nu ale be woate ŋu aŋlɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔfiafianya si wo kple wo viwo azã. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be amesiwo katã le woƒe ƒuƒoƒoa me kpe Advance Medical Directive/Release ƒe agbalẽvia ɖo.

Hadzidzi 155 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 17

Hadzidzi 12

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Nyabiabia le ‘Dzesidede Ame’ Ŋu Ŋuti Ŋuɖoɖo. Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe July 15, 1999, Gbetakpɔxɔ, axa 29-31 dzi.

20 min: “Mizã Traktwo Tsɔ Dze Dzeɖoɖowo Gɔmee.” Dzro trakt ene siwo miezãna zi geɖe le miaƒe anyigbamama me. Bia nya aɖe si woakpɔ ŋuɖoɖo na le trakt siawo dometɔ ɖesiaɖe me. Kpe nyaselawo ne woagblɔ alesi woate ŋu azã nyabiabia siawo atsɔ adze dzeɖoɖo si ate ŋu ava zu Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee. Wɔ wɔwɔfia kple trakt eve tso alesi woate ŋu awɔ esiae ŋu.

Hadzidzi 57 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 24

Hadzidzi 65

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeyea” me eye de dzi ƒo na nyaselawo katã be woakpɔ gome le kpekpea ƒe akpa ɖesiaɖe me.

13 min: “Dzro Yehowa ƒe Nya La Me Gbesiagbe!” Nuƒo kple numedzodzro kpakple nyaselawo. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe—2000 ŋudɔ nyuie. Ƒo nu tso eƒe ŋgɔdonyaa, si dze le axa 3-4 me nya aɖewo hã ŋu. Na gbeƒãɖelawo nagblɔ agbagba tɔxɛ si dzem wole be yewoadzro gbesiagbe mawunyakpukpuia kple emeɖeɖea me le wo ɖokui si kple abe ƒome ene gbesiagbe.

22 min: “Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro memama 1-18 me. Xlẽ memama 4-7, 12, 16, 17. De dzi ƒo na amesiame be wòadzra ɖo ɖe kwasiɖa si gbɔna ƒe numedzodzro si nye memama 19-36 ŋu nyuie.

Hadzidzi 223 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 31

Hadzidzi 16

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo katã be woatsɔ woƒe January gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akɔntabubu ana. Yɔ agbalẽ si míana le February me: Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa. Wɔ alesi woate ŋu azã nyabiabia etɔ̃ siwo le aɖaka si le axa 12 atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee ƒe wɔwɔfia.

22 min: “Internet Zazã—Nɔ Ŋudzɔ ɖe Eƒe Afɔkuwo Ŋu!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro memama 19-36 me. Xlẽ memama 23-5, kple 34-6.

13 min: Alesi Nàkpe Ðe Amewo Ŋu Woadze Si Subɔsubɔha Vavãtɔ. Numedzodzro kple subɔsubɔdɔwɔla si dze kpakple gbeƒãɖela bibi eve alo etɔ̃ tso alesi Yehowa Ðasefowo ƒe nu ate ŋu awɔ dɔ ɖe amewo dzii gake womenya vovototo gobii si le subɔsubɔha bubuwo kple mía tɔ dome o ŋu. Dzro nya ewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le May 8, 1995, ƒe Nyɔ!, axa 10 me. Ƒo nu tso alesi nya siawo nyanya ate ŋu akpe ɖe dzi anukwaretɔ aɖewo ŋu woakpɔ vovototo si le nyateƒetadedeagu kple alakpatadedeagu dome kpakple alesi wòhiã be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe amewo gbɔ ahade ha kpli wo ƒe vevienyenye ŋu.

Hadzidzi 60 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 7

Hadzidzi 113

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

17 min: Dzro Daniel ƒe Nyagblɔɖi ƒe agbalẽa me. Nuƒo kple nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Dzro agbalẽ yeyea ƒe nya veviwo me: tanya wɔdɔɖeamedziwo, nutata lédzinamewo, aɖaka siwo me nyabiabia dedzigbɔnamewo le le numedzodzro ɖesiaɖe ƒe nuwuwu, anyigba ƒe nɔnɔmetata kple nyaɖoɖo siwo ɖea nu me tsitotsito. Dzro numeɖeɖe dedziƒoname si wogblɔ tso alesi Mixael “ado” le mɔ tɔxɛ aɖe nu ŋu la me (Axa 288-90). Dzro alesi wòle vevie be mí Mawu ƒe Nya la fialawo míado dzii me (Axa 311-12). Ele be mía dometɔ ɖesiaɖe naxlẽ agbalẽa ŋuɖɔɖotɔe eye míade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔwo hã be woawɔ nenema.

20 min: Wowɔ Tiatia si Me Nunya Le. Nuƒo si wotu ɖe October 15, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 18-21, memama 3-16 dzi. Gblɔ nya siwo mɔɖelawo gblɔ, ɖe nusitae wobui be yewole yewoƒe agbe zãm le mɔ si nu teƒeɖoɖo kple viɖe le wu ɖesiaɖe me. De dzi ƒo na nyaselawo katã be woadzro wo ɖokui me akpɔ be ɖe mɔɖeɖedɔa anya wɔ na wo hã.

Hadzidzi 182 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe