Lé Ŋku Ðe Alesi Nèɖoa Toe Ŋu
Toɖoɖo nyuie hiã vevie ne míele hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo, kple takpekpe gãwo me. (Luka 8:18) Aleke nàwɔ atu wò toɖoɖoŋutete ɖo ɖe edzii?
◼ Mègaɖu nu kpekpe do ŋgɔ na kpekpeawo o.
◼ Mègaɖe mɔ wò susu nanɔ tsatsam o.
◼ Wɔ nuŋlɔɖi kpuiwo tso nya veviwo ŋu.
◼ Xlẽ mawunyakpukpui siwo woayɔ be woaxlẽ.
◼ Kpɔ gome le nyaŋuɖoɖo me ne mɔnukpɔkpɔ li.
◼ De ŋugble le nya si ŋu wole nu ƒom tsoe ŋu.
◼ De ŋugble le mɔ siwo dzi nàto azã nusiwo nèse ŋu.
◼ Dzro nusiwo nèse la me emegbe.
Kpɔ Theocratic Ministry School Guidebook, nusɔsrɔ̃ 5 lia.