Èɖea Gbeƒã Tso Fiaɖuƒea Ŋu Edziedzia?
1 Mí katã míekpɔ dzidzɔ esi míese be míekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye si ƒo ɖesiaɖe ta si nye 60,112 le Ghana le August 1998 me. Le nyateƒe me la, enye ɖekawɔwɔ awɔ dɔ kutrikukutɔe me tsonu! Edze ƒã be le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, esesẽ na gbeƒãɖela siawo dometɔ aɖewo be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea edziedzi, elabena tso September 1998 vaseɖe July 1999 me la, amesiwo dea gbeadzi dzinu ɖesiaɖe le mama dedie nu anɔ ame 58,650. Esia fia be gbeƒãɖela siwo ade 1,500 mebu akɔnta be yewode gbeadzi ɣleti ɖesiaɖe o. Míexɔe se be dzideƒoname siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ nɔnɔmea ɖo.
2 Kpɔ Ŋudzedze Ðe Mɔnukpɔkpɔa Ŋu: Ele be míakpɔ ŋudzedze deto ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míagblɔ Fiaɖuƒenyanyuia na ame bubuwo la ŋu. Dɔ sia wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi eye wòkpena ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso agbemɔa ŋu. (Lod. 27:11; Tim. I, 4:16) Gbeƒãɖeɖe edziedzi naa nuteƒekpɔkpɔ geɖe sua mía si le gbeadzi eye wòna míekpɔa dzidzɔ, hesena le mía ɖokui me be míewɔ nu de goe.
3 Bu Akɔnta le Dɔ si Nèwɔ Ŋu: Amesiwo dea gbeadzi dometɔ aɖewo mebua akɔnta le woƒe dɔ ŋu ɖe ɣeyiɣi dzi o. Megadzɔ gbeɖe be míase le mía ɖokui me be dɔ si míewɔ mesɔ gbɔ be míabu akɔnta tso eŋu o. (Tsɔe sɔ kple Marko 12:41-44.) Ele be míabu akɔnta le dɔ si míewɔ ŋu godoo! Ne ɖoɖo le mía si le aƒeme, abe ɣeyiɣi si míezã le gbeadzi ŋɔŋlɔ ɖe ɣletigbalẽ dzi ene la, anɔ ŋku ɖom edzi na mí ɣesiaɣi be míabu akɔnta pɛpɛpɛ le dɔ si míewɔ ŋu kaba le ɣleti ɖesiaɖe ƒe nuwuwu.
4 Na Kpekpeɖeŋu si Hiã: Ðewohĩ ahiã be woatrɔ asi le hamea ƒe gbeadziyiɖoɖowo ŋu bene wòakpe ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu le gbeadziyiyi edziedzi me la ŋu. Hamea ƒe agbalẽŋlɔla kple agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo nawɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela bibiwo nakpe ɖe wo ŋu. Ne viwo alo Biblia-nusrɔ̃vi siwo nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo le asiwò la, na hehe wo be woabu akɔnta le dɔ si wowɔ ŋu ɣleti ɖesiaɖe.
5 Ðo ŋku agbemeŋutinya si nye “Meda Akpe be Mele Agbe Didi le Yehowa Subɔsubɔ Me,” si dze le Gbetakpɔxɔ, October 1, 1997, me dzi. Nɔvinyɔnu Ottilie Mydland si tso Norway va zu nyanyui gbeƒãɖela si yia gbeadzi edziedzi do ŋgɔ na eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le ƒe 1921 me. Le ƒe 76 megbe, esi wòxɔ ƒe 99 la, egblɔ be: ‘Enye dzidzɔ nam be megate ŋu dea gbeadzi edziedzi.’ Nɔnɔme nyui ka gbegbee nye si wòle be Yehowa subɔlawo katã nasrɔ̃!