INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/98 axa 1
  • Ðe August Anye Dzinu Ðedzesia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe August Anye Dzinu Ðedzesia?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Akpe Blaatɔ̃-Vɔ-Enyi!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Teokrasi Nyadzɔdzɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Èɖea Gbeƒã Tso Fiaɖuƒea Ŋu Edziedzia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • August Anye Ɣleti Ðedzesi Aɖe Na Mí!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 8/98 axa 1

Ðe August Anye Dzinu Ðedzesia?

1 Ƒe 1963 nye ƒe ɖedzesi aɖe na Yehowa ƒe amewo. Ènya nusitaea? Ɣemaɣie gbeƒãɖela siwo katã nɔ xexeame ƒe xexlẽme ɖo miliɔn ɖeka. Ne ènɔ nyateƒea me ɣemaɣi la, àɖo ŋku alesi gbegbe míekpɔ dzidzɔe be ame gbogbo aɖewo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe gbedasia dzi! Fifia gbeƒãɖela miliɔn ade kloe ye le xexeame katã eye esiwo sɔ gbɔ wu 57,000 ye le dukɔ sia ɖeɖeko me. Gake le mamã dedie nu la, gbeƒãɖela 3,000 mebua subɔsubɔdɔ si míewɔ ŋuti kɔnta dzinu sia dzinu le Ghana o.

2 Xɔ Agbanɔamedzi La: Míele agbagba dzem be gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ si ƒo ɖesiaɖe ta naɖo 60,000 le August me le Ghana. Ne míaƒe agbagbadzedzewo dze edzi la, ke August anye dzinu ɖedzesi aɖe vavã! Míate ŋu awɔ esia nenye be mí katã míewɔ míatɔ gome.

3 Amesiwo le mɔkeke yiyi ƒe ɖoɖo wɔm la ate ŋu azã ɣeyiɣi aɖe le subɔsubɔdɔa me hafi adzo. Tsɔ traktwo, agbalẽ gbadzawo, alo magazinewo ɖe asi ale be nàte ŋu aɖi ɖase na amesiwo nàdo goe le mɔkeɣia. Àte ŋu akpɔ dzidzɔ le gbeadziyiyi kple gbeƒãɖelawo siwo le afisi nàdze hã me.

4 Ne lãme gblẽ na wò hã la, àte ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me kokoko. Àte ŋu aɖi ɖase na ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, alo amesiwo ava kpɔ wò ɖa. Ðewohĩ àte ŋu aɖi ɖase to lɛta ŋɔŋlɔ dzi alo le telefon dzi.

5 Ðikeke mele eme o be ame aɖewo akpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si woana wo be woakpɔ gome le gbeadzi subɔsubɔdɔa me le August me la ŋuti. Eyata Hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo kple nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nawɔ ɖoɖo be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu sia. Kpɔ egbɔ be màŋlɔ wò gbeadzisubɔsubɔkɔnta nana kaba le dzinua ƒe nuwuwu be o ale be woaxlẽ wò ɖe August me gbeƒãɖelawo dome.

6 Mɔnukpɔkpɔa Nenɔ Vevie na Wò: Subɔsubɔdɔa nye dɔ ‘nyui aɖe si wode asi na mí.’ (Tim. II, 1:14) Míekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wona mí be míaɖe gbeƒã nyanyuia ŋuti. (Tes. I, 2:4) Ne míebu nusiwo katã Yehowa wɔ na mí ŋu kpɔ la, ele be wòaʋa mí míakpɔ gome le dɔ vevitɔ kekeake sia wɔwɔ me madzudzɔmadzudzɔe le ƒe bliboa me. Mígana naneke nado kplamatse míaƒe gbeƒãɖeɖe edziedzi o. Mina míawɔ August sia dzinu ɖedzesii le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ahaɖoe be míaɖe gbeƒã tso eyama ŋuti dzinu sia dzinu le esia emegbe!—Ps. 34:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe