Amewo ƒe Agbe Ðo Afɔku Me!
1 Biblia na eme kɔ be enye Yehowa ƒe didi be “woaxɔ amewo katã.” Gake enye nyateƒe hã be ame biliɔn geɖe siwo le anyigba dzi ƒe agbe kpɔkpɔ nɔ te ɖe nɔnɔme si woɖena fiana ɖe Yehowa Mawu kple eƒe Fiaɖuƒe si ato Yesu Kristo dzi ava ŋu la dzi. ‘Nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ’ dzi koe woate ŋu ato atu nɔnɔme nyuitɔ ɖo. (Tim. I, 2:3, 4) Esime míele nyanya nam amewo be eteƒe madidi o woaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi atsɔ adzra mɔ dzi ɖo na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexeme yeyea la, wode dɔ mía si be míawɔ agbeɖeɖedɔ vevi aɖe hã.—Mat. 24:14; 28:19, 20; Rom. 10:13-15.
2 Nukatae Wòhiã Kpata Alea Gbegbe Ðo? Yesu xlɔ̃ nu le ‘xaxa gã si tɔgbe meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze o’ ŋu. (Mat. 24:21) Xaxa ma aɖo etaƒoƒo keŋkeŋ le Harmagedon me. (Nyaɖ. 16:16) Ame gbogbo siwo atsrɔ̃ ne womexɔ nyanyuia o la dometɔ aɖewo anye míaƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple míaƒe ame nyanyɛwo. Gake nusi ŋu míetsi dzi ɖoe nye be míaɖo “amewo katã” gbɔ le Mawu, amesi ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia ameƒomea ƒe xexeme bliboa to Via Yesu Kristo tsɔtsɔna tafee me la, sɔsrɔ̃ me. (Yoh. 3:16) Ele be míaku kutri dzonɔamemetɔe akpe amewo katã be woasi ava Mawu ƒe dedienɔƒe. Míate ŋu aƒo asa na ʋufɔɖiɖi ne míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe.—Xez. 33:1-7; Kor. I, 9:16.
3 Nukae Nye Míaƒe Taɖodzinu? Wote gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye dzi le Mawu ƒe Nya la katã me. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, ‘Kristo ƒe lɔlɔ̃ ʋãa mí’ be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe mɔwo. (Kor. II, 5:14) Gakpe ɖe eŋu la, Gbetakpɔxɔ tea gbe ɖe míaƒe agbanɔamedzi be míaɖe gbeƒã la dzi zi geɖe. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ yia edzi naa mɔfiafia le alesi míawɔ gbeƒãɖeɖedɔae ŋu. Hamemegãwo wɔa ɖoɖo ɖe dɔa ŋu hedea dzi ƒo na mí be míakpɔ gome le eme. Hati gbeƒãɖelawo kpea mí be míakpɔ gome kple yewo le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Míesea nya geɖe tso míaƒe dzeɖonyawo dzadzra ɖo, magazinewo kple agbalẽ bubuwo nana, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ, kple mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ atsɔ aɖi ɖasee me. Esiawo katã kpena ɖe mía ŋu be míaɖo taɖodzinu si nye amewo xɔxɔ ɖe agbe gbɔ.—Kor. I, 9:22, 23; Ef. 1:13.