INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/00 axa 7
  • Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Video Si Nye Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • “Nu Yeye Kurae Wònye!”
    Nyɔ!—2016
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 10/00 axa 7

Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame

1 Wonye dɔwɔnu sẽŋu hena nu fiafia amewo tso Biblia kple Yehowa Ðasefowo ŋu. Woʋã ame geɖe woɖe afɔ va le nyateƒea ƒe akpa dzi. Wodo ŋusẽ Mawu ƒe ame ɖeadzɔgbewo ƒe xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ. Nukawoe? Woawoe nye video siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ. Èkpɔ ewoa katã xoxoa? Eteƒe didia? Èzãa wo le wò subɔsubɔdɔa mea? Viɖe kawoe nàgate ŋu akpɔ tso dɔwɔnu nyui siawo me?

2 July 1, 1999, ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Misrɔ̃ Mawu Ƒe Nya Edziedzi Le Ƒomea Me” kafui be “[míaɖo míaƒe nusrɔ̃ɣi] ƒe akpa aɖe ɖi atsɔ akpɔ Habɔbɔa ƒe videokasɛtwo dometɔ ɖeka ƒe akpa aɖe . . . adzro eme.” Le ɖekawɔwɔ me kple aɖaŋuɖoɖo nyui ma la, woaƒo nu tso video ɖeka ŋu le Subɔsubɔ Kpekpea me dzinu etɔ̃ ɖesiaɖe. Míede dzi ƒo na hamea me tɔ ɖesiaɖe be wòakpɔ videoa le aƒeme do ŋgɔ na ɣeyiɣi si woadzro eme le Subɔsubɔ Kpekpea me.

3 Le dzinu sia me la, míadze egɔme kple video gbãtɔ si míewɔ, si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name (Yehowa Ðasefowo—Habɔbɔ si Le Megbe na Ŋkɔa). Kpɔe eye nàɖo to ase biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo:

◼ Nuka wɔwɔe na wonya Yehowa Ðasefowo nyuie wu?

◼ Mawunyakpukpui kae do ƒome kple dɔ ɖesiaɖe si wowɔna le Betel?

◼ Biblia me nudzɔdzɔ kae nèkpɔ be wowɔ fia, ɖe fotoe, eye wota be woazã le agbalẽwo me?

◼ Nukae do dzidzɔ na wò le alesi wotaa míaƒe agbalẽwoe ŋu?

◼ Tso ƒe 1920 vaseɖe 1990 la, agbalẽ ɖekaɖeka nenie Habɔbɔa ta?

◼ Amekawo koŋue wòle be woaminya subɔsubɔ le Betel le Mawu ƒe amewo dome?—Lod. 20:29.

◼ Mɔ kawo nue Betel-ƒomea ɖoa kpɔɖeŋu nyui na Yehowa Ðasefowo katã le?

◼ Nukae wɔ dɔ ɖe dziwò wu le dɔ siwo wowɔna le Betel be nyanyuia naɖo ame geɖe alesi nu anya wɔ gbɔ la me?

◼ Aleke wowɔna kpɔa xexeame katã ƒe dɔa ƒe gazazãwo gbɔe?

◼ Dɔ kae wòle be míatsɔ dzonɔameme ado alɔe, eye nɔnɔme kae míatsɔ awɔe?—Yoh. 4:35; Dɔw. 1:8.

◼ Aleke nèse le ɖokuiwò me le habɔbɔ si le megbe na míaƒe ŋkɔa ŋu?

◼ Aleke nàte ŋu azã video sia le subɔsubɔdɔa mee?

Le December me la, video si ŋu míaƒo nu tsoe ye nye The Bible—Accurate History, Reliable Prophecy (Biblia—Eƒe Ŋutinya Le Eteƒe, Kakaɖedzi le Eƒe Nyagblɔɖiwo Ŋu).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe