Video Si Nye Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News
Ƒe 100 kple edzivɔwoe nye esia si Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo hele gbeƒã ɖem nya nyuia. Míegblɔa gbedeasi sia le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me le gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ sia si wɔm míele le xexea me egbea la me. Míeɖea gbeƒãe le dukɔ siwo wu 230 me. (Mat. 24:14) Nu ka tae dɔ sia hiã vevie? Eye aleke wole ewɔm le xexea me godooe? Video si nye Jehovah’s Witnesses—Organized to Share the Good News ɖo biabia siawo ŋu, eye wòna nyatakaka geɖe ku ɖe dɔ sia ƒe akpa vovovo siwo wɔm wole le dukɔ geɖe me egbea la ŋu. Ne èle video sia kpɔm la, de ŋugble tso biabia siwo gbɔna la ŋu.
Aleke video sia kpɔkpɔ na wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo gbɔna la ŋu dzi ɖe edzi? (1) Agbagba si dzem Yehowa ƒe habɔbɔa le le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me. (2 Tim. 4:2) (2) Betel ƒomea me tɔ siwo le xexea me godoo. (3) Hehenana ƒe ɖoɖo si wowɔ na dutanyanyuigblɔlawo kple dzikpɔlawo. (2 Tim. 2:2) (4) Ale si wòle vevie be míadzro Biblia ƒe akpa aɖe me atsɔ adze ŋkeke ɖe sia ɖe gɔme eye míadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa. (Dɔw. 17:11) (5) Viɖe siwo le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede me. (Heb. 10:24, 25) (6) Yayra siwo nàkpɔ ne wogbugbɔ ɖo Paradisoa anyi le anyigba dzi. (Yes. 11:9) (7) Mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàkpɔ gome le nuŋeŋedɔ sia si le edzi yim la me.—Yoh. 4:35.
Video sia nye dɔwɔnu nyui aɖe si míate ŋu azã atsɔ ana ɖetsɔlemetɔwo nanya nu tso xexea me katã ƒe dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le la ŋu. (8) Ɣekaɣie wòanyo be míaɖe video sia afia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo, ƒometɔwo, kple ame bubuwo? (9) Esi nèɖe video sia fia amewo la, dɔ nyui kae wòwɔ ɖe wo dzi?
Ne míede ŋugble le nu siwo wɔm Yehowa le ŋu la, eʋãa mí míegblɔna abe hakpalaa ene be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o!” (Ps. 40:6) Mina míawɔ video sia ŋu dɔ nyuie atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ ŋudzedze ƒe Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu!