Nukata Míeganɔa Wo Gbɔ Yim Kokoko?
1 Ðe nèbia nya ma ɖokuiwò kpɔ, ɖewohĩ esime nènɔ dzadzram ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu gbeɖekaa? Le teƒe aɖewo siwo míewɔa dɔ le míaƒe anyigbamamã me enuenu la, ɖewohĩ aƒemenɔla adze si amesiwo míenye eye woanyã mí kaba. Ðewohĩ ame ʋee aɖewo koe axɔ mí nyuie. Ke hã susu nyui geɖe li siwo ta míeganɔa wo gbɔ yim kokoko.
2 Gbã la, wode se na mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia vaseɖe esime nuwuwua nava. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Nyagblɔɖila Yesaya bia ɣeyiɣi didi si wòle be wòayi eƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi ava se ɖo. Woŋlɔ nya si wotsɔ ɖo eŋu nɛ la ɖe Yesaya 6:11. Ðikeke aɖeke mele eme o—wogblɔ nɛ be wòayi edzi atsɔ Mawu ƒe gbedasia ayi na ameawo. Nenema ke egbea togbɔ be wonyãa mí hã la, Yehowa di be míayi edzi anɔ amesiwo le míaƒe anyigbamamã me gbɔ yim. (Xez. 3:10, 11) Agbanɔamedzi kɔkɔe esia nye wotsɔ de mía si.—Kor. I, 9:17.
3 Susu bubu si ta wòle be míayi edzi anɔ wo gbɔ yim enye be enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe alesi gbegbe míetsɔ mía ɖokui na Yehowae afia. (Yoh. I, 5:3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne míebu nusi eteƒe madidi o etsɔme ahe vɛ na ameƒomea ŋu la, aleke míadzudzɔ agbagbadzedze lɔlɔ̃tɔe be míaxlɔ̃ nu mía haviwo? (Tim. II, 4:2; Yak. 2:8) Nuteƒewɔwɔ le míaƒe dɔdasia wɔwɔ me naa mɔnukpɔkpɔ geɖe wo be woaxɔ Mawu ƒe xɔxɔgbedasia, ale be womate ŋu ado taflatse be womexlɔ̃ nu yewo o.—Xez. 5:13.
4 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míenya ɣeyiɣi si ame aɖewo ƒe dzi atrɔ o. Ate ŋu atso woa ŋutɔwo ƒe nɔnɔme si trɔ, afɔku aɖe si dzɔ le woƒe ƒomea me, alo xexeame ƒe nɔnɔmewo si awɔe be woabu tame vevie le woƒe etsɔme ŋu gbɔ. Nu bubu hã enye be ɖewohĩ nya aɖe si míagblɔ ne míeyi wo gbɔ ana woaxɔ nya la nyuie. (Nyagb. 9:11; Kor. I, 7:31) Azɔ hã amewo ʋuna. Míate ŋu ake ɖe amesiwo ʋu va yeyee la ŋu le míaƒe anyigbamamã me siwo axɔ nyanyuia—ɖewohĩ wonye ɖekakpui alo ɖetugbui siwo ɖeɖe li fifia eye wole tame bum vevie le woƒe agbemetaɖodzinu ŋu.
5 Ðe míaganɔ wo gbɔ yim kokokoa? Ẽ! Ŋɔŋlɔawo ʋã mí geɖe be míatrɔ yi ameawo gbɔ enuenu. Mlɔeba ne gbeƒãɖeɖedɔa wu enu la, Yehowa ayra mí ɖe alesi míeyi edzi dze agbagba le subɔsubɔdɔa mee ta, eye ayra amesiwo xɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia hã.—Tim. I, 4:16.