Nye Nyadziwɔla Kpɔdzidzɔ
1 Yesu gblɔ be ame akpa gãtɔ ‘made dzesi yeƒe anyinɔɣi o,’ abe alesi wònɔ le Noa ƒe ŋkekea me ene. (Mat. 24:37-39) Eyata míenya be ame geɖe maɖo to Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la o. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu dzidzɔ nanɔ mía me esi míele míaƒe subɔsubɔdɔa wɔm?—Ps. 100:2.
2 Gbã la, ele be wòanɔ susu me na mí be Mawu gbɔe míaƒe gbedasia tso eye eyae dɔ mí be míaɖe gbeƒã. Ne amewo mexɔ gbedasia o togbɔ be míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe le subɔsubɔdɔa me hã, ke Yehowa ŋutɔŋutɔ wònye gbem wole. Ne míeɖoa ŋku edzi be míaƒe nuteƒewɔwɔ le gbeƒãɖeɖe me dzea eŋu la, akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le esi míenye Mawu ƒe nyadziwɔlawo ta.—Yak. 1:25.
3 Evelia, ame aɖewo gali kokoko siwo axɔ ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe xɔname ŋu. Togbɔ be ame akpa gãtɔ matsɔ ɖeke le eme o hã la, amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la li siwo nu míagaƒo ƒu fifia, togbɔ be míeɖo nuwuɣia me ʋĩ hã. Ele be míayi edzi aɖe gbeƒã eye ‘míayi du alo kɔƒe ɖesiaɖe me adi amesiwo dze le eme.’—Mat. 10:11-13.
4 Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò: Alakpasubɔsubɔ ƒe ŋutinya gbegblẽa ɖe dzi le ame aɖewo ƒo. Nuɖoanyi sia na ame bubuwo hã ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ.” (Mat. 9:36) Dɔwɔɖuimakpɔmakpɔ, lãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ, kple dedienɔnɔ ate ŋu aɖe dzi le ame geɖe ƒo. Esia nyanya akpe ɖe mía ŋu míado vevie nu le míaƒe dɔa me. Dze agbagba nàdze dzeɖoɖo siwo ku ɖe nusiwo ŋu ame geɖe tsi dzi ɖo wu le míaƒe anyigbamama me ŋu gɔme. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔe be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ egbɔ. Zã Ŋɔŋlɔawo kple míaƒe agbalẽwo me nya siwo ku ɖe nyaa ŋu tẽ nàtsɔ ana nyanyuia naɖo woƒe dzi gbɔ.—Heb. 4:12.
5 Mawu ƒe nyadziwɔla kpɔdzidzɔwo ɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi be: “Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye [míaƒe] mɔ̃ sesẽ.” (Nex. 8:10) Mehiã be míaƒe dzidzɔ nu natsi o. “Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.” (Mat. 10:13) Yehowa wɔa míaƒe dzidzɔ kple ŋusẽ yeyee esi míele dzi dom dzigbɔɖitɔe le eƒe subɔsubɔ kɔkɔe la me, eye eyrana ɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ dzi.