INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/01 axa 1
  • “Mawu Gbɔ la Woate Ŋu Awɔ Nusianu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mawu Gbɔ la Woate Ŋu Awɔ Nusianu”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Manya Wɔ O!”—Nu Kae Nya Sia Fia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • ‘Woaɖe Gbeƒã Nya Nyui Sia’ Godoo!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Yi Edzi Nagblɔ Mawu ƒe Nya la Kple Dzideƒo
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Ðe Gbeƒã Dzonɔamemetɔe Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 4/01 axa 1

“Mawu Gbɔ la Woate Ŋu Awɔ Nusianu”

1 Kristo-hamea ƒe dɔ vevitɔe nye be wòaɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia le xexeame katã. (Mat. 24:14) Dɔ nyadri aɖee wònye. Eteƒekpɔla geɖewo bunɛ be dɔ sia bia nu geɖe wu nusiwo le míasi gɔ̃ hã. Esi woɖua fewu, tsia tre ɖe mía ŋu, hetia mía yome ta la, ame aɖewo susunɛ be dɔdasi sia awu tsɔtsɔ na mí. (Mat. 24:9; Tim. II, 3:12) Ðikelawo hã xɔe se be womate ŋu awɔ dɔ sia ade goe o. Ke hã la, Yesu gblɔe be: “Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.”—Mat. 19:26.

2 Kpɔɖeŋu Nyui Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃: Esime Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, ɖeko wònɔ abe ame ɖeka aɖe si dze ŋgɔ xexeame katã ene. Esi tsitretsiɖeŋulawo ɖoe be wòagakpɔ dzidzedze o ta la, wohe gbɔɖiame manyagblɔ va edzi, eye mlɔeba wona wòse veve heliheli si kplɔe yi ku mee. Ke hã, Yesu gblɔ kakaɖedzitɔe le nuwuwua be: “Nye la meɖu xexeame dzi.” (Yoh. 16:33) Ewɔe de goe vavã!

3 Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe dzinɔameƒo ƒe gbɔgbɔ kple veviedodo ma ke fia le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Woƒo wo dometɔ geɖewo kple atam, hewɔ funyafunya wo, wode wo gaxɔ me, eye wowu wo kura gɔ̃ hã. Ke hã la, ‘wokpɔ dzidzɔ be wobu wo be wodze bena woado ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.’ (Dɔw. 5:41) Wote ŋu ɖo gbeƒãɖeɖe nyanyui si nye taɖodzinu si dze abe womate ŋu aɖo egbɔ o la gbɔ esi wowɔe “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke,” togbɔ be futɔawo mebui nenema o hã.—Dɔw. 1:8; Kol. 1:23.

4 Alesi Míawɔ Akpɔ Dzidzedze Egbea: Míawo hã míele Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔm veviedodotɔe togbɔ be edze abe manya wɔ o ene hã. Togbɔ be woɖoa asi dɔa dzi, tia mía yome, hedea ame aɖewo game, eye wowɔa ŋutasẽnu bubuwo be woatsɔ atɔ te dɔa hã la, míele dzidzedze kpɔm. Nukae na míete ŋu wɔa esia? “‘Mava me to aʋakɔ alo ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi,’ Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Zax. 4:6) Esi Yehowa da megbe na mí ta la, naneke mate ŋu atɔ te míaƒe dɔa o!—Rom. 8:31.

5 Ne míele gbeƒã ɖem la, naneke meli si ta wòle be ŋɔ nadzi mí eye míavɔ̃ alo míase le mía ɖokui me be míedze o. (Kor. II, 2:16, 17 ) Ŋusẽ si wu gbɔgblɔ la le míasi si ta wòle be míaʋli ayi ŋgɔ le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kaka me. To Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu awɔ ‘nusianu’!—Luka 18:27.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe