Wɔ Wò Subɔsubɔdɔa ‘Kple Ŋkubiã’
1 Ne míexlẽ be avɔgbadɔe apostolo Paulo wɔna esime wònɔ Korinto la, ɖewohĩ míaƒo nya ta be dɔ sia na mete ŋu wɔ eƒe gbeƒãɖeɖe mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ ale o. Gake Dɔwɔwɔwo 18:5 gblɔ be: ‘Paulo lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu yenye Kristo.’ Nukatae Paulo biã ŋku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu nenema gbegbe? Togbɔ be Korintotɔ geɖe va zu xɔsetɔwo xoxo hã la, Aƒetɔ la ɖo kpe edzi be ame geɖe gale du ma me si woawɔ nusrɔ̃lawoe. (Dɔw. 18:8-11) Ðe susu ma tɔgbe le mía si si ta míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa kple ŋkubiãa? Ẽ. Míate ŋu ake ɖe ame geɖe ŋu ahafia nyateƒea wo.
2 Zã Ɣeyiɣi Geɖe le Gbeƒãɖeɖedɔa Me le April Me: Ðewohĩ enye wò taɖodzinu be yeawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me ɣleti sia ɣleti. Gake mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si le ɣleti aɖewo me wu be míawɔ dɔ sia ‘kple ŋkubiã.’ Ɣleti siwo me mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake sua mía si le dometɔ ɖekae nye April, si me míeɖua Ŋkuɖodzia. Ðe wò nɔnɔmewo aɖe mɔ na wò be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa alo adzi wò gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi le ɣeyiɣi sia mea? Gbeƒãɖela geɖe siwo le esia wɔm la xɔ yayra geɖe. (Kor. II, 9:6) Ne nusianu si nàte ŋui la wɔmee nèle la, ke ɖo ŋku edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔ si tsɔm nèle nɛ tso luʋɔ blibo me la ŋu. (Luka 21:2-4) Aleke ke wò nɔnɔmewo ɖale o, ɖoe wò taɖodzinui be yeawɔ subɔsubɔdɔa ‘kple ŋkubiã’ le April me. Eye mègaŋlɔ wò gbeadzikɔnta tsɔtsɔna le ɣletia ƒe nuwuwu be o ale be woate ŋu axlẽ wò agbagbadzedzea akpe ɖe Yehowa ƒe ame mamlɛawo tɔ ŋu.
3 Srã Ame Yeye Siwo Va Ŋkuɖodzia Kpɔ: Ame 230,469 ye de Ŋkuɖodzia le Ghana le ƒe si va yi me. Míekpɔ nya ame xexlẽme si ade le ƒe sia me haɖe o. Ke hã nyatakakawo ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ nyuiwo li be ‘míaŋe nu’ geɖe ŋutɔ. (Mat. 9:37, 38) Eyata wɔ ɖoɖo kaba alesi wòanya wɔe be nàsrã ɖetsɔlemetɔ siwo va Ŋkuɖodzia la kpɔ be nàkpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me. Sasrãkpɔ siawo hehe ɖe megbe ate ŋu ana ‘vɔ̃ɖitɔ la nava ha fiaɖuƒea ƒe nya si wowu ɖe woƒe dzi me.’ (Mat. 13:19) Ameawo sasrãkpɔ kaba aɖee afia be èle wò subɔsubɔdɔa wɔm ‘kple ŋkubiã’ nyateƒe.
4 Miyi Edzi Miakpe Ðe Amesiwo Dzudzɔ Gbeƒãɖeɖe Ŋu: Wodze agbagba tɔxɛ aɖe le February me be woakpe ɖe amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ŋu. Ne wo dometɔ aɖewo li siwo womesrã kpɔ haɖe o la, hamemegãwo nawɔ ɖoɖo asrã wo akpɔ hafi April nawu enu. Hamemegãwo nadze agbagba anya nusiwo gbɔ amea ƒe kuxia tso kple mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato akpe ɖe eŋu be wòagatsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ake. Kpekpeɖeŋu sia si me lɔlɔ̃ le ɖenɛ fiana be hamemegãwo tsɔa “Mawu ƒe alẽha” kpɔkplɔdɔ ƒe agbanɔamedzia nu vevii. (Pet. I, 5:2; Dɔw. 20:28) Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ŋudɔ hamemegãwo ate ŋu awɔ ne wole kuxi atɔ̃ siwo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu anɔ fu ɖem na amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe la gbɔ kpɔm dze le September 15, 1993, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 22-3. Anyo ŋutɔ ne míete ŋu kpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu wogadze gbeadziyiyi gɔme le April me.
5 Kpe Ðe Ame Geɖe Ŋu Woava Zu Gbeƒãɖela Maxɔnyɔnyrɔwo: Ðe viwòwo dze anye nyanyui gbeƒãɖela yeyewoa? Ke ame bubu siwo nèle Biblia srɔ̃m kplii ya ɖe? Ne hamemegãwo da asi ɖe amesiawo dzi la, ɖe April manye ɣeyiɣi si sɔ ŋutɔ be woadze gbeƒãɖeɖe gɔme oa? Ne ame aɖe le ŋgɔyiyi wɔm eye wòsrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kple Sidzedze-gbalẽa la, woate ŋu ayi Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi le agbalẽ bubu—siwo nye God’s Word-gbalẽa, True Peace-gbalẽa, alo Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me ƒe agbalẽa—sɔsrɔ̃ dzi kplii. Wò taɖodzinue nye be yeakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be nyateƒea ŋuti nugɔmesese geɖe nasu esi, wòadze anye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ, ahazu Yehowa ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbe, xɔnyɔnyrɔ.—Ef. 3:17-19; Tim. I, 1:12; Pet. I, 3:21.
6 Ðetsɔleme vavã si nàɖe afia wò Biblia-nusrɔ̃viwo edziedzi ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ nyateƒea awɔ wo ɖokui tɔe mlɔeba. Ðasefo aɖe do go srɔ̃tɔ tsitsi aɖewo siwo tsɔ dzidzɔ lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Gake srɔ̃tɔawo da nusɔsrɔ̃a ƒu kwasiɖa etɔ̃ tsiã ɖe enu. Mlɔeba wodze nua sɔsrɔ̃ gɔme. Emegbe srɔ̃tɔawo tsoa nusɔsrɔ̃a me kwasiɖa etɔ̃ ɖesiaɖe. Gake mlɔeba, srɔ̃nyɔnua wɔ ŋgɔyiyi ɖo nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Esi wòxɔ nyɔnyrɔa vɔ la, dzidzɔɖatsiwo loló ɖe eƒe ŋku dzi, si na be dzidzɔɖatsiwo loló ɖe mía kple srɔ̃nye hã ƒe ŋku dzi.” Ẽ, nyanyuia gbɔgblɔ ‘kple ŋkubiã’ hea dzidzɔ gã vɛ!
7 Biblia ƒe nyagblɔɖiwo kple xexemenudzɔdzɔwo ɖee fia be míele nuwuɣia me ʋĩ. Fifiae wòle be Mawu ƒe amewo katã ‘natsɔ ŋkubiã’ ana ame bubuwo nadze si nyanyuiae. Apostolo Paulo na kakaɖedzi mí be agbagbadzedze sia manye “dzodzro le Aƒetɔ la me” gbeɖegbeɖe o.—Kor. I, 15:58.