‘Miwɔ Nyui na Amesiame’
1 “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe” kple ‘Nye Kesinɔtɔ le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’ nye February kple March 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽviwo ƒe tanyawo. (Kol. 1:25; Tim. I, 6:18) Wode dzi ƒo na mí le nyati mawo me be míadzi míaƒe ŋutete ɖe edzi akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woava Ŋkuɖodzia, míakpe ɖe amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ŋu be woagava kpɔ gome le hamea ƒe dɔwɔnawo me ake, eye be míakpe ɖe mía viwo kple Biblia-nusrɔ̃vi siwo dze la ŋu be woadze gbeƒãɖeɖe nyanyuia gɔme. Ðikeke mele eme o be viɖe aɖewo do tso míaƒe agbagbadzedze veviedodotɔe me. Fifia “esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina [míayi edzi awɔ] nyui na amesiame.”—Gal. 6:10.
2 Kpe Wo be Woagava Ake: Ame 150,000 kple edzivɔ siwo menye nyanyuigbeƒãɖelawo o vaa Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe le Ghana. Esi woƒe vava fia be wotsɔ ɖe le eme ta la, nukae wòle be míawɔ ade dzo ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ me be woava zu ‘xɔsetɔwo’? (Dɔw. 13:48) Eyae nye be míade dzi ƒo na wo be woadze hamea ƒe kpekpewo vava gɔme enumake.
3 Manyo be nàkpe ɖetsɔlemetɔ aɖe be wòava Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒea be wòakpɔ gome le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me dzodzro dodzidzɔnamea me oa? Ne ènye amea ƒe ƒometɔ alo ame nyanyɛ si si wode dɔ asi na nègbɔna wɔwɔ ge le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, àte ŋu akpee be wòava se wò nuƒoa. Na wòanya dutoƒonuƒo siwo woava ƒo le kwasiɖa siwo le ŋgɔ me la ƒe tanya. (Ele be woaklã nuƒo siwo woaƒo kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe ɖoɖowɔɖi ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi.) Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ nàtsɔ anyɔ Yehowa subɔsubɔ ƒe didi vevie ɖe eme. Ne hamea me tɔ aɖeke mele Biblia srɔ̃m kplii xoxo o la, àte ŋu adoe ɖe egbɔ tufafatɔe be yeawɔ nusɔsrɔ̃ kplii.
4 Yi Edzi Nànɔ Dzi Dem Ƒo na Amesiwo Dzudzɔ Gbeƒãɖeɖe: Ŋkuɖodzia valawo dometɔ geɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa xoxo. Gake le ɣeyiɣi aɖe me la, wo dometɔ aɖewo megava tsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu o. Ke hã Paulo xlɔ̃ nu mí be “míawɔ nu nyui . . . vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Gal. 6:10) Eyata amesiwo dzudzɔ gbeƒãɖeɖe ŋue wòle be míatrɔ susu ɖo gbã.
5 Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo le wɔwɔm ɖe aɖaŋu si hamemegãwo kple ame bubuwo ɖo na wo be woagakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ake la dzi xoxo. Ne hamemegãwo de dɔ asi na wò be nàwɔ dɔ kple gbeƒãɖela si ŋu wokpe ɖo wògadze gbeƒãɖeɖe gɔme ake la, ke nyae be wò ŋutɔ wò lɔlɔ̃ na Yehowa kple gbeadzisubɔsubɔdɔa ana dzi naɖo eƒo. Fia alesi nèwɔa gbeadzisubɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo lae be wòate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe ewɔwɔ ŋu, wòado vevie gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, be wòate ŋu axɔ Yehowa ƒe yayra.
6 Kpe Ðe Gbeƒãɖela Yeyewo Ŋu be Woadze Egɔme Nyuie: Esime nyɔnu ɖetsɔlemetɔ yeye aɖe kpɔe be yeke ɖe Mawu ƒe nyateƒe habɔbɔa ŋu la, edi be yeadze gbeadziyiyi gɔme enumake. Esi wòse nusi wodi tso esi la, egblɔ be: “Medi be madze ewɔwɔ gɔme enumake.” Ne woda asi ɖe ame aɖe si nèle Biblia srɔ̃m kplii dzi be wòadze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme la, kpe ɖe eŋu wòakpɔe be ehiã be yeadze “ewɔwɔ gɔme enumake,” eyata kpe ɖe gbeƒãɖela yeyea ŋu be wòadze egɔme nyuie. Kpe ɖe eŋu wòanya alesi wòadzra ɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu akpɔ gome le eme kwasiɖa ɖesiaɖe wòazu numame nɛ.
7 Ne wò ŋutɔ viwòe va zu gbeƒãɖela yeye maxɔnyɔnyrɔ la, wɔ dɔ kplii be wòawɔ ŋgɔyiyi le eƒe ƒexɔxɔ kple ŋutete nu. Awɔ nuku na wò be kpekpeɖeŋu sue si nànae la ana wòate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kple ame aɖe, axlẽ Biblia, eye wòana agbalẽ dzidzedzetɔe. Ne ame yeyea ke ɖe ame aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia ŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, fiae alesi wowɔa tɔtrɔyi eye wòanɔ amea gbɔ yim be wòatui ɖo.
8 Dzi Wò Ŋutɔ Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Edzi: Ðe wò nɔnɔmewo aɖe mɔ na wò be nàdzi wò nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi ahanɔ edzi le Ŋkuɖodziɖuɣia megbe gɔ̃ hã? Ðe nàte ŋu atsɔ gaƒoƒo ɖeka alo eve akpe ɖe esi nèzãna le gbeadzi kwasiɖa ɖesiaɖe ŋua? Ðe nèɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le ɣletigbalẽa dzi si dzi nàgawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? Alo ɖe nàte ŋu atrɔ asi le wò gbesiagbegbenɔnɔ ŋu be nàge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa mea? Agbagba ɖesiaɖe si míadze le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòaxɔ nyateƒea! (Dɔw. 8:26-39) Esi míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la, mina “[míati] nyuididi na mía nɔewo kple amewo katã yome ɖaasi.”—Tes. I, 5:15.
[Aɖaka si le axa 3]
Yi Edzi Nàkpe Ðe:
□✔ Ŋkuɖodzia valawo ŋu
□✔ Gbeƒãɖela siwo me wogade dzoe ŋu
□✔ Gbeƒãɖela yeye maxɔnyɔnyrɔwo ŋu