Alesi Video si Nye The Bible—Its Power in Your Life Wɔ Dɔ Ðe Amewo Dzi
Le nyabiase siwo gbɔna ŋuɖoɖo me la, gblɔ alesi nèse le ɖokuiwò me faa tso dzime le gbedasi si le video sia (si nye Biblia La—Alesi Wòkpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Agbe Dzii) me ŋu. (1a) Nukae do ŋusẽ ame miliɔn nanewo be wote ŋu trɔ woƒe agbenɔnɔ wònyo ɖe edzi? (Heb. 4:12) (1b) Nukae hiã hafi ŋusẽ sia nate ŋu asu ame si eye wòatsɔe awɔ dɔe le eƒe agbe me? (2) Mawunyakpukpui kawoe woyɔ si ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be (a) woadzi woƒe dzeɖoɖo mɔnuwo ɖe edzi eye (b) be woaɖu woƒe dzikudodo dzi? (3) Aleke Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋuti trɔa ƒomegbenɔnɔ wònyona ɖe edzii? (Ef. 5:28, 29) (4) Aleke Yehowa Mawu ɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le nu etɔ̃ siwo ɖeviwo katã dina kple esiwo hiãna wo la me, eye aleke dzilawo ate ŋu awɔ esia egbeae? (Mar. 1:9-11) (5) Nukatae wòle be dzilawo ŋutɔ nafia Biblia wo viwo, eye nukae fia be ele be woawɔ esia edziedzi? (Mose V, 6:6, 7) (6) Aleke dzilawo ate ŋu awɔ ƒomenusɔsrɔ̃ wòavivi? (7) Tsɔ kpe ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋu la, nuka hã ƒe dzie Mawu ƒe Nya de ƒo na dzilawo be woawɔ na wo viwo? (8) Aleke Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu be woanɔ te ɖe ganyawo nui? (9) Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawo dzi wɔwɔe ɖea lãmesẽkuxiwo dzi kpɔtɔna? (10) Tɔtrɔ kawoe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi wɔwɔ he va wò agbe mee? (11) Nukatae video sia kpɔkpɔ ate ŋu ade dzi ƒo na amesi gbɔ nàyi le gbeadzi be wòalɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye?