Wɔ Nu Nyui ne Woakafu Wò!
1 “Ŋutifafa si tɔgbe nyemekpɔ le ƒuƒoƒo bubu aɖeke me tɔwo dome kpɔ o lae le wo dome.” “Dzidzɔe wònye be woanɔ ƒuƒoƒo sia me.” Esiawoe nye nyatakaka nyui siwo míexɔ tso nuteƒekpɔlawo gbɔ le ƒe si va yi ƒe nutome gã takpekpea wɔwɔ vɔ megbe, si le kpe ɖom ŋkɔ nyui si le míaƒe habɔbɔa ŋu dzi. (Lod. 27:2; Kor. I, 4:9) Ke hã Yehowae kafukafu siawo yina na mlɔeba. (Mat. 5:16) Mawu kafukafu ƒe mɔnukpɔkpɔ nyui bubu gale mía ŋgɔ le ƒe sia me “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpea me.
2 Ƒe sia ƒe la, míexɔa ŋkuɖodzinya siwo wonana tufafatɔe ku ɖe alesi míawɔ nui le takpekpewo me ŋu. Nukatae? Elabena míedi kura be xexeame ƒe nɔnɔme, awudodo, kple agbenɔnɔ siwo le gbegblẽm ɖe edzi la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Míedi be woaƒo ɖi míaƒe ŋkɔ nyui la o. (Ef. 2:2; 4:17) Mina nuxlɔ̃amenya siwo gbɔna la nanɔ susu me na mí.
3 Wɔ Nu Nyui—Le Míaƒe Dzeƒewo: Wonya be anukwareɖilawoe míenye. (Heb. 13:18) Eyata ele be míaɖi anukware le ame agbɔsɔsɔ si anɔ amedzro xɔa me kpli mí me. Mele be míaɖa nu le xɔawo me ne womeɖe mɔ ɖe wo ŋu o. Amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe gblɔ be yelɔ̃ tsɔ xɔ na Yehowa Ðasefowo ɖe asi bɔbɔe dzi elabena yeƒe tsiletsewo mebuna yeƒlea bubu ɖe wo teƒe gbeɖe o. Enya be woalé be na yeƒe nuwo. Nyateƒee, míatsɔ “ŋkuɖodzinuwo” adzoe le amedzrodzeƒea alo dzeƒe bubuwo o. Ke boŋ afisi wònye kɔnu le la, míenaa nu amesiwo wɔ dɔ aɖe na mí tsɔ ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana. Hekpe ɖe eŋu la, ele be míatsɔ ameŋububu kple dzigbɔɖi awɔ nui ɖe dɔwɔla siwo le amedzrodzeƒewo kple sukuwo ŋu ɣesiaɣi.
4 Ewɔa dɔ ɖe nuteƒekpɔlawo dzi ne wokpɔ mía viwo le nu wɔm le bubu kple toɖoɖo me. (Ef. 6:1, 2) Taflatse dzilawo, mikpɔ mia viwo gbɔ be woagaɖia ame bubuwo nu o eye milé ŋku ɖe wo ŋu le fefenuwo zazã me. Amesiame naƒo asa na ʋɔtruwo tutu sesĩe alo toɣliɖeɖe vevietɔ le zã me kple fɔŋli.
5 Míate ŋu awɔ nu nyui ne míebua amedzro siwo menye Ðasefowo o siwo hã va dze teƒea ŋu. Mesɔ be woatsɔ nuɖuɖu si wotsɔ wɔ amedzroe la adzoe alo atrɔ kɔfi ɖe nugoewo me be woava zã emegbe o. Mele be míasusui gbeɖe be se siwo wode le amedzrodzeƒewo meku ɖe mía ŋu o.
6 Wɔ Nu Nyui—Le Takpekpea Me: Wova de dzesii be takpekpevala aɖewo mewɔna ɖe anyinɔƒedzikpɔlawo ƒe mɔfiafiawo dzi o, eye womeɖɔa ŋu ɖo hã le nuƒoƒo me na wo alesi dze Kristotɔwo o. Kuxiwo do mo ɖa esi takpekpevala aɖewo meɖo to wɔ ɖe nɔviawo ƒe mɔfiamewo dzi o eye wotɔ ʋu ɖe afisi dze wo ŋu ta. Nyateƒee, tɔnye-ko-nenyo ƒe nɔnɔme meɖia ɖase nyui le ame ŋu o eye mehea kafukafu vɛ na Yehowa Mawu hã o. Eyata mina míanye amelɔ̃lawo, dzigbɔɖitɔwo, kple nyadziwɔlawo.—Gal. 5:22, 23, 25.
7 Kwasiɖagbe ŋdiwo la, wokpɔa nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo nɔa du dzi, nɔa ame tutum, henɔa amewo lɔm be yewoava kpɔ zikpui “nyuitɔwo” dzi anɔ ɖe drama kpɔkpɔ ta. Nuvevi wɔ amewo le nuwɔna siawo tɔgbe ta. Míedi be míatsri kpewo kple nu bubuwo hã dada ɖe zikpuiawo dzi be míatsɔ alé wo ɖi na ŋufɔke. Togbɔ be woɖo aɖaŋu be míate ŋu atsɔ ŋdɔnuɖuɖu siwo mekpena o ava ɖu hã la, mesɔ be woaɖo kplɔ̃ ɖe ʋutɔɖoƒewo wòanye nuɖukplɔ̃ gãwo ɖoɖo o. Esia ahe amewo ƒe susu ayi kplɔ̃ɖoɖo siwo yia dzi le azãɖuɖuwɔnawo me dzi.
8 Wɔ Nu Nyui—Le Awudodo Kple Dzadzraɖo Me: Le ƒe si va yi ƒe nutome gã takpekpeawo dometɔ ɖeka me le United States la, dugã aɖe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me tola ŋlɔ be: “Nusi wɔ dɔ ɖe amewo dzi wu ɖesiaɖe enye Ðasefoawo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ. Aleke gbegbe wònya kpɔe enye esi be woakpɔe be ame gbogbo siawo le bubu ɖem fia le woƒe nuwɔnawo me. Ƒome alafa geɖe siwo nye ameƒomevi kple gbegbɔgblɔ vovovo dolawo do awu nyuie alesi dze Kwasiɖagbewo helɔ hoo le ɖoɖoezizi me yi fefewɔƒea. Woƒe agbenɔnɔ to vovo sasasã tso ameha geɖe siwo gena ɖe fefewɔƒea tɔ gbɔ. Le nyateƒe me la, Ðasefoawo to vovo sasasã tso ameha geɖewo gbɔ. Amemabumabu va bɔ ale gbegbe le hadome wɔnawo me. . . . Nyateƒee, Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒoa ya le etɔxɛ.” Megadzɔ gbeɖe be míana míaƒe awudodo kple dzadzraɖo alo míaƒe nuwɔna nahe amewo ƒe susu ɖa le gbɔgbɔmenuwo ŋu le takpekpea me o.—Fil. 1:10; Tim. I, 2:9, 10.
9 Wɔ Nu Nyui—Le Nyɔnyrɔxɔƒea: Amesiwo gbɔna nyɔnyrɔ xɔ ge adi be yewoade bubu gãtɔ kekeake wɔna sia ŋu. Tsimeyiwu nyui dodo aɖee afia be míebua wɔnaa be ele kɔkɔe. Aɖe vi ŋutɔ ne amesiwo srɔ̃ nu kple nusrɔ̃viawo ato “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le April 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ me kple wo hafi woayi takpekpea.
10 Míaƒe nuwɔna kple mawusosroɖa ƒe agbenɔnɔ ɖia ɖase le míaƒe Kristotɔwo ƒe xɔse ŋu eye wòna wònɔa bɔbɔe na dzianukwaretɔwo be woakpɔ nyateƒea adze sii. Ekema mina míayi ‘nu nyui wɔwɔ’ dzi eye woakafu mí le “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpea me.—Rom. 13:3.