◼ Ðoɖowɔɖia Ƒe Gamewo: Ðoɖowɔɖia adze egɔme ŋdi ga 9:20 ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne haƒoƒo si doa ŋgɔ na ɖoɖowɔɖia dze egɔme ko la, anyo be mí katã míanɔ anyi ale be wɔnaa nadze egɔme le ɖoɖo nu. Wɔnaa awu enu kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa ɣetrɔ ga 4: 55 le Fiɖagbe kple Memleɖagbe, eye wòawu enu ɣetrɔ ga 3:50 le Kwasiɖagbe.
◼ Dukɔwo Dome Takpekpewo: Woawɔ dukɔwo dome takpekpewo le teƒe aɖewo. Anyo be míade dzesii be hame aɖewo koŋ kple ame siwo alɔdzedɔwɔƒea kpe tso duta koe ade takpekpe siawo. Wowɔ ɖoɖo ɖe zikpui agbɔsɔsɔme, teƒe siwo ʋuwo atɔ ɖo, kple amedzrodzeƒewo ŋu le ame kpekpeawo ƒe agbɔsɔsɔme nu. Ne gbeƒãɖelawo de dukɔwo dome takpekpe aɖe evɔ womekpe wo o la, ate ŋu awɔe be vavalawo nava sɔ gbɔ wu ale si dze. Ne nɔnɔme aɖewo abia be nàyi takpekpe bubu aɖe si wometia na miaƒe hamea o la, ke mele be wòanye dukɔwo dome takpekpe o.
◼ Ʋutɔtɔɖi: Mele be míanɔ ʋu me ne menye dɔléle aɖee le fu ɖem na mí alo hiahiã kpata aɖee o. Anyo ɣesiaɣi be míayi aɖanɔ agbadɔa gɔme aɖo to nuƒoawo nyuie, tsɔ wu be míanɔ ʋu me, elabena nu geɖewo ate ŋu ahe míaƒe susu alo míate ŋu adɔ alɔ̃ hã bɔbɔe. Agbadɔa te nɔnɔ ahaɖo to nyuie fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nufiamewo ŋu. Zi geɖe la, ʋutɔɖoƒea melolona o, eya ta anyo be ame geɖe nawɔ ɖoɖo atsɔ ʋu ɖeka ne anya wɔ.
◼ Nɔƒeléleɖi: Ame siwo mia kpli wo miele aƒe ɖeka me alo ame siwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka alo wò Biblia nusrɔ̃viwo koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na. Zikpui siwo woɖo ɖi na ame tsitsiwo kple dɔnɔwo la mesɔ gbɔ be woƒe ƒometɔwo katã nanɔ wo gbɔ o. Eya ta taflatsɛ, migblẽ zikpui siawo ɖi na ame tsitsiawo kple dɔnɔwo kple wo dzi kpɔlawo ko.
◼ Ŋdɔnuɖuɖu: Taflatsɛ, tsɔ nuɖuɖu si mekpena fũu o si nàɖu le ŋdɔ me la ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea be yeaɖaƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Míate ŋu atsɔ tsifago sue siwo ate ŋu ayi zikpuiawo te ɖe asi. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã ava takpekpewɔƒea o.
◼ Nudzɔdzɔwo: Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe takpekpea ŋu afia ne míedzɔ nu faa le takpekpea me tsɔ do alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖe sia ɖe si woatsɔ ade nudzɔɖakaa me la dzi be woaxee na “Watch Tower.”
◼ Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatsɛ, kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.
◼ Dzadzɛnyenye: Enye vavala ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi be wòadzra teƒe si wònɔ ɖu nu le la ɖo nyuie. Esi gbelɔnuwo anɔ takpekpewɔƒe ɖe sia ɖe ta la, taflatsɛ, mikpɔ egbɔ be yewofɔ nuwo abe pepa kakɛwo, nuɖuɖu wluiwluiwo, kple aŋenuwo ene kpakple gbeɖuɖɔ bubu ɖe sia ɖe de gbelɔnuwo me. Esia aɖee afia be míenye ame dzadzɛwo.
◼ Foto Ðeɖe: Esi míedi be míado asitsanyawo ɖa ne míeva ƒo ƒu le teokrasi ɖoɖowo me o ta la, mele be míagblɔ na fotoɖelawo be woava takpekpea ava ɖe foto alo video mí akpɔ ga o.—w84-E 7/1 axa 25; kpɔ Ðoɖo gbalẽa, axa 142, memama 3, hã.
◼ Ƒomea Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae: Mele be dzilawo naɖe mɔ na wo vi, siwo dome ƒewuiviwo hã le, be woanɔ anyi ɖe wo hati sɔhɛwo dome o, ke boŋ ele be dzilawo nanɔ anyi kple wo viwo ne ɖoɖoawo le edzi yim. Esia awɔe be woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woanɔ nuŋlɔɖi wɔm ne nuƒoawo le edzi yim.
◼ Atikewɔwɔ: Ne ɖɔktawo ŋlɔ atike aɖewo na wò be nànɔ nonom la, míeɖe kuku, tsɔ woƒe agbɔsɔsɔme si asu na wò le takpekpea wɔɣi katã la ɖe asi, elabena atike siawo manɔ takpekpewɔƒea o.
◼ Nu Siwo Míawɔ Be Míagadze Afɔku O: Ele be míakpɔ nyuie be míaƒo asa na nu siwo ate ŋu ana míaɖiɖi alo akli nu adze anyi. Ƒe sia ƒe la, nu vevi wɔa ame geɖe le afɔkpa siwo wodo ta, vevietɔ afɔkpa kɔkɔwo. Anyo wu be míado afɔkpa kpokploe siwo sɔ nyuie be míate ŋu ato atrakpuiwo dzi kple teƒe bubuwo dedie.
◼ Ne Woɖe Agbalẽ Ðe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (1 Kor. 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple ameŋububu ana be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim be míanye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye eɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.
◼ Nugododeƒewo: Míeɖe kuku, mikpɔ egbɔ be mia viwo naganɔ tsotsom anɔ aɖuɖɔɖɔƒe alo nugododeƒea yim esime takpekpea le edzi yim o. Ɣesiaɣi si wòhiã be ɖevi aɖe nayi aɖuɖɔɖɔƒe alo nugododeƒea la, mina ame tsitsi alo wo nɔvi tsitsi aɖe nakplɔ wo ayii.
◼ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ Gbalẽvi: Ele be míazã Please Follow Up (S-43) gbalẽvia atsɔ ana nyatakaka ku ɖe ame siwo míeɖi vomeɖase na le takpekpewɔɣia eye wotsɔ ɖe le nyaa me la ŋu. Miate ŋu atsɔ agbalẽvi siwo miekpe ɖo la ana le Agbalẽdzikpɔƒea le takpekpea me, alo miate ŋu atsɔe ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla ne miegbɔ tso takpekpea.
◼ Nuɖuɖudzraƒewo: Mina míanɔ agbe ale si dze le nuɖuɖudzraƒewo atsɔ ade bubu Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Ele be mí subɔla Kristotɔwo míaƒe awudodo nasɔ. Le teƒe aɖewo la, wokpɔa mɔ be woana nane kplɔ̃ŋusubɔlawo.
◼ Dzeƒewo:
Ne wohaya teƒe aɖe na wò la, taflatsɛ mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ wò xɔa me o.
Ne ame aɖee na dzeƒe wò le eƒe aƒe me la, ɖe ameŋububu fia to ale si nàna teƒea nanɔ dzadzɛ me, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia.
Mele be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo natsaka amlɔ xɔ ɖeka me o, negbe ƒome ɖeka me tɔwo ko.
Mègaɖa nu le xɔ siwo womeɖe mɔ be woaɖa nu le wo me o la me o.
Be míado agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ la, mele be míale tsi le gota o. Le teƒe siwo tsilekpɔ mele o la, woate ŋu azã tsatsa alo avɔ atsɔ atu tsileƒe si woazã ɣeyiɣi kpui aɖe.
Abe Kristotɔwo ene la, mele be míazã nu siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã la wòagbɔ eme o.
Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒedɔwɔlawo alo ƒome siwo gbɔ nèva dze.
Ele be dzilawo ƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu ɣesiaɣi le amedzrodzeƒea alo teƒe si wodze.
Ne kuxi aɖe do mo ɖa le xɔ si me nèdze alo le amedzrodzeƒea ŋu la, na Xɔdidɔwɔƒea nanya ne èva ɖo takpekpewɔƒea.
◼ Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Ame siwo katã di be yewoatsɔ yewo ɖokui ana hena takpekpea me dɔwo wɔwɔ la nayi Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mekpɔ xɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu awɔ dɔ kple wo dzila alo ame tsitsi bubu aɖe, gake ele be wo dzilawo alo ame si gbɔ wole nada asi ɖe edzi gbã. Ele be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ si wohiã, to nutome suea ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ɖoɖoa dzi, do ŋgɔ hafi takpekpea nadze egɔme.