INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/13 axa 3-6
  • Agbenɔnɔ Si Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Si Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mina Miaƒe Agbenɔnɔ Nanyo Le Dukɔwo Dome”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Míaƒe Nutome Gã Takpekpewo Nyea Ðaseɖiɖi Sẽŋu Tso Nyateƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 4/13 axa 3-6

Agbenɔnɔ Si Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu

1. Nu ka tae amewo dea dzesi mí Yehowa Ðasefowo bɔbɔe ne míeyina takpekpe?

1 Ne míeyina takpekpewo la, amewo dea dzesi mí bɔbɔe. Le teƒe geɖe la, nyadzɔdzɔgblɔlawo nana nutoa me tɔwo nyana be míele takpekpe wɔm. Zi geɖe la, nɔviwo sɔa gbɔ le amedzrodzeƒewo kple nuɖuɖudzraƒewo, eye nutoa me tɔwo kpɔa mí dzea sii ne wokpɔ míaƒe akɔtagbalẽviwo. Ŋkuɖodzinya siwo gbɔna akpe ɖe mía ŋu míana míaƒe agbenɔnɔ nyui nahe ŋutikɔkɔe vɛ na Mawu le takpedua me.—1 Pet. 2:12.

2. Aleke míaƒe awudodo si da sɔ hea ŋutikɔkɔe vanɛ na Mawu le takpedua me?

2 Awudodo Si Da Sɔ: Ne míeda sɔ le míaƒe dzadzraɖo me esime míeyina takpekpea la, ewɔa dɔ ɖe ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu la dzi. Awu si tɔgbi míedo ne míele amedzrodzeƒe, ne míeyina nuɖuɖuƒleƒe, fiasewo me kple teƒe bubuwo hã tea ŋu kpɔa ŋusẽ gã ɖe ale si amewo bua míi dzi. Togbɔ be mefia be ele be míadzra ɖo le ɣeyiɣi mawo hã me abe kpekpe yim míele ene o hã la, ele be míaƒe awudodo nada asɔ, bubu nanɔ eŋu, eye wòagatɔ ŋku o. Ele be amewo nakpɔ vovototo le mía kple ame siwo menye Ðasefowo o dome. (Rom. 12:2) Azɔ hã, anyo be míade takpekpea ƒe akɔtagbalẽvia ɣesiaɣi, elabena esia ana amewo nanya nu tso takpekpea ŋu, aʋu mɔ na vomeɖaseɖiɖi eye wòana mía nɔviwo nakpɔ mí adze sii.

3. Go kawo mee míate ŋu aɖe dzigbɔɖi kple ameŋububu afia le?

3 Dzigbɔɖi Kple Ameŋububu: Le egbexexe si me ame akpa gãtɔ nye ɖokuitɔdilawo kple ame madakpewo le me la, aleke gbegbe míaƒe dzigbɔɖi kple ameŋububu ado dzidzɔ na amedzrodzeƒe kple nuɖuɖudzraƒe dɔwɔlawo kpakple ame bubuwoe nye esi! (2 Tim. 3:1-5) Ne míele nɔƒe lém ɖi alo le fli me be míaxɔ agbalẽ yeyewo la, mele be míadi mía ɖokui tɔ o, ke míadi mía nɔvi bubuwo ƒe nyonyo boŋ. (1 Kor. 10:23, 24) Esi ɖetsɔlemetɔ aɖe de míaƒe takpekpe zi gbãtɔ la, egblɔ be, “Nyemeɖo ŋku nya siwo wogblɔ le nuƒoawo me gbe ma gbe la dzi o, gake nɔnɔme si Ðasefoawo ɖe fia ya tsi susu me nam.”

4. Nu ka tae wòle be míakpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa dɔwɔwɔ me ne míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ?

4 Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔlawo: Kristotɔ vavãwo ɖe dzesi le ale si wotsɔa wo ɖokuiwo nana faa ta. (Ps. 110:3) Ðe nàte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana faa le takpekpea ƒe dɔwo wɔwɔ mea? Le takpekpewɔƒe aɖe la, nɔvi 600 sɔŋ ye tsɔ wo ɖokuiwo na faa yi ɖadzra teƒea ɖo do ŋgɔ na takpekpea. Teƒea dzikpɔlawo gblɔ be: “Míekpɔ esia teƒe kpɔ o! Esesẽ be míaxɔe ase be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe ame siawo katã nye.” Míele mɔ kpɔm vevie na ƒe 2013 nutome gã takpekpe siwo ana mɔnukpɔkpɔ nagasu mía si be míaɖo to nyuie asrɔ̃ nu tso Mawu gbɔ, eye míahe ŋutikɔkɔe vɛ nɛ.

[Aɖaka si le axa 3-6]

Ƒe 2013 Nutome Gã Takpekpe Ƒe Ŋkuɖodzinyawo

◼ Ðoɖowɔɖia Ƒe Gamewo: Ðoɖowɔɖia adze egɔme ŋdi ga 9:20 ŋkeke etɔ̃awo katã. Ne haƒoƒo si doa ŋgɔ na ɖoɖowɔɖia dze egɔme ko la, anyo be mí katã míanɔ anyi ale be wɔnaa nadze egɔme le ɖoɖo nu. Wɔnaa awu enu kple hadzidzi kpakple gbedodoɖa ɣetrɔ ga 4:50 le Fiɖagbe kple Memleɖagbe, eye wòawu enu ɣetrɔ ga 3:35 le Kwasiɖagbe.

◼ Ʋutɔtɔɖi: Mele be míanɔ ʋu me ne menye dɔléle aɖee le fu ɖem na mí alo hiahiã kpata aɖee o. Anyo ɣesiaɣi be míayi aɖanɔ agbadɔa gɔme aɖo to nuƒoawo nyuie, tsɔ wu be míanɔ ʋu me, elabena nu geɖewo ate ŋu ahe míaƒe susu alo míate ŋu adɔ alɔ̃ hã bɔbɔe. Agbadɔa te nɔnɔ ahaɖo to nyuie fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nufiamewo ŋu. Zi geɖe la, ʋutɔɖoƒea melolona o, eya ta anyo be ame geɖe nawɔ ɖoɖo atsɔ ʋu ɖeka ne anya wɔ.

◼ Nɔƒeléleɖi: Ame siwo mia kpli wo miele aƒe ɖeka me alo ame siwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka alo wò Biblia nusrɔ̃viwo koe nàte ŋu alé nɔƒe ɖi na.—1 Kor. 13:5.

◼ Ŋdɔnuɖuɖu: Taflatsɛ tsɔ nuɖuɖu si mekpena fũu o si nàɖu le ŋdɔ me la ɖe asi tsɔ wu be nàdzo le takpekpewɔƒea be yeaɖaƒle nu aɖu le ɖiɖiɖemeɣia. Míate ŋu atsɔ tsifago sue siwo ate ŋu ayi zikpuiawo te ɖe asi. Womeɖe mɔ be míatsɔ tsifago gãwo, nugo alo atukpa siwo ate ŋu agbã ava takpekpewɔƒea o.

◼ Ne Woɖe Agbalẽ Ðe Go: Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me.’ (1 Kor. 16:14) Ne woɖe agbalẽ yeye ɖe go le takpekpe aɖe me la, lɔlɔ̃ kple ameŋububu ana be míaganɔ du ƒum, anɔ mía nɔewo tutum alo anɔ mía nɔewo mimim be míanye ame gbãtɔ le flia me axɔ agbalẽa o. Ame ɖokui dzi zizi kple dzi gbɔgbɔ ɖi alea nye Kristotɔwo ƒe tsitsi ƒe dzesi eye eɖea míaƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana.—Yoh. 13:35.

◼ Nudzɔdzɔwo: Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe takpekpea ŋu afia ne míedzɔ nu faa le takpekpea me tsɔ do alɔ xexea me katã ƒe dɔa. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽvi ɖe sia ɖe si woatsɔ ade nudzɔɖakaa me la dzi be woaxee na “Watch Tower.”

◼ Afɔkuwo Kple Nudzɔdzɔ Kpatawo: Ne atikewɔnya aɖe hiã kpata le takpekpewɔƒea la, taflatsɛ, kpɔ anyinɔƒegbɔkpɔla si te ɖe ŋuwò, eye eya ana nyanya Atikewɔƒea enumake ale be míaƒe atikewɔla bibi siwo le teƒea nalé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu ahana kpekpeɖeŋu.

◼ Dzadzɛnyenye: Enye vavala ɖe sia ɖe ƒe agbanɔamedzi be wòadzra teƒe si wònɔ ɖu nu le la ɖo nyuie. Esi gbelɔnuwo anɔ takpekpewɔƒe ɖe sia ɖe ta la, taflatsɛ, mikpɔ egbɔ be yewofɔ nuwo abe pepa kakɛwo, nuɖuɖu wluiwluiwo, kple aŋenuwo ene kpakple gbeɖuɖɔ bubu ɖe sia ɖe tsɔ de gbelɔnuwo me. Esia aɖee afia be míenye ame dzadzɛwo.

◼ Foto Ðeɖe: Esi míedi be míado asitsanyawo ɖa ne míeva ƒo ƒu le teokrasi ɖoɖowo me o ta la, mele be míagblɔ na fotoɖelawo be woava takpekpea ava ɖe foto alo video mí akpɔ ga o.—w84-E 7/1 axa 25; kpɔ Ðoɖo gbalẽa, axa 142, memama 3, hã.

◼ Ƒomea Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae: Mele be dzilawo naɖe mɔ na wo vi, siwo dome ƒewuiviwo hã le, be woanɔ anyi ɖe wo hati sɔhɛwo dome o, ke boŋ ele be dzilawo nanɔ anyi kple wo viwo ne ɖoɖoawo le edzi yim. Esia awɔe be woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woanɔ nuŋlɔɖi wɔm ne nuƒoawo le edzi yim.

◼ Atikewɔwɔ: Ne ɖɔktawo ŋlɔ atike aɖewo na wò be nànɔ nonom la, míeɖe kuku, tsɔ woƒe agbɔsɔsɔme si asu na wò le takpekpea wɔɣi katã la ɖe asi, elabena atike siawo manɔ takpekpewɔƒea o.

◼ Afɔkpawo: Ƒe sia ƒe la, nu vevi wɔa ame geɖe le afɔkpa siwo wodo ta, vevietɔ afɔkpa kɔkɔwo. Anyo wu be míado afɔkpa kpokploe siwo sɔ nyuie be míate ŋu ato atrakpuiwo dzi kple teƒe bubuwo dedie.

◼ Vidzĩkekewo: Mele be woatsɔ vidzĩkekewo ava takpekpea o. Gake woate ŋu atsɔ vidzĩtsɔnu si woate ŋu atsɔ aku zikpui si te ɖe wo dzilawo tɔ ŋu si ana be woanɔ dedie la vɛ.

◼ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ Gbalẽvi: Ele be míazã Please Follow Up (S-43) gbalẽvia atsɔ ana nyatakaka ku ɖe ame siwo míeɖi vomeɖase na le takpekpewɔɣia eye wotsɔ ɖe le nyaa me la ŋu. Miate ŋu atsɔ agbalẽvi siwo miekpe ɖo la ana le Agbalẽdzikpɔƒea le takpekpea me, alo miate ŋu atsɔe ana miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla ne miegbɔ tso takpekpea.

◼ Dzeƒewo: (1) Ne wohaya teƒe aɖe na wò la, taflatsɛ mègaɖe mɔ be ame geɖe wu agbɔsɔsɔ si ŋu woɖe mɔ ɖo la nanɔ wò xɔa me o. (2) Ne ame aɖee na dzeƒe wò le eƒe aƒe me la, ɖe ameŋububu fia to ale si nàna teƒea nanɔ dzadzɛ me, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia. (3) Mele be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo natsaka amlɔ xɔ ɖeka me o, negbe ƒome ɖeka me tɔwo ko. (4) Mègaɖa nu le xɔ siwo womeɖe mɔ be woaɖa nu le wo me o la me o. (5) Be míado agbe nyui nɔnɔ ɖe ŋgɔ la, mele be míale tsi le gota o. Le teƒe siwo tsilekpɔ mele o la, woate ŋu azã tsatsa alo avɔ atsɔ atu tsileƒe si woazã ɣeyiɣi kpui aɖe. (6) Abe Kristotɔwo ene la, mele be míazã nu siwo ŋu woɖe mɔ ɖo na amedzrowo be woazã la wòagbɔ eme o. (7) Ðe gbɔgbɔ ƒe kutsetsea fia ne èle nu wɔm kple amedzrodzeƒe dɔwɔlawo alo ƒome siwo gbɔ nèva dze. (8) Ne kuxi aɖe do mo ɖa le xɔ si me nèdze alo le amedzrodzeƒea ŋu la, na Xɔdidɔwɔƒea nanya ne èva ɖo takpekpewɔƒea.

◼ Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Ame siwo katã di be yewoatsɔ yewo ɖokui ana hena takpekpea me dɔwo wɔwɔ la nayi Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mekpɔ xɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu awɔ dɔ kple wo dzila alo ame tsitsi bubu aɖe, gake ele be wo dzilawo alo ame si gbɔ wole nada asi ɖe edzi gbã. Ele be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ si wohiã, to nutome suea ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe ɖoɖoa dzi, do ŋgɔ hafi takpekpea nadze egɔme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe