Ŋkuléle Ðe The New World Society in Action ƒe Ŋutinya Ŋu
Esi nèle video sia (Xexeme Yeye Habɔbɔa Le Dɔ Dzi) si wotu ɖe ƒe 1954 ƒe nudzɔdzɔwo dzi kpɔm la, kpɔe ɖa be àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na nyabiabia siawo hã: (1) Susu ka koŋ tae wowɔ video sia ɖo, eye dɔ kae wòwɔ ɖe amewo dzi? (2) Agbalẽ kawoe Yehowa Ðasefowo ta, amekawoe wotae na, eye le susu ka ta? (3) Aleke míate ŋu atsɔ Gbetakpɔxɔ magazine siwo wotana egbea asɔ kple alesi wònɔ le ƒe 1954 me? (4) Le nyitsɔ laa ƒe ƒe siawo me la, aleke wova trɔ asi le míaƒe agbalẽtamɔnuwo ŋu wòsɔ ɖe egbegbetɔwo nui? (5) Aleke ƒe 1953 ƒe dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium wɔ dɔ ɖe dziwòe? (6) Nukae nye Trailer City (Kekexɔwo ƒe Dugã), eye nukawoe nye nu vevi siwo nède dzesii tso eŋu? (7) Nukae fia be menye dukɔ ɖeka, dukɔ aɖe metɔwo, alo ameƒomevi aɖewo koŋ tɔe míaƒe dɔa nye o? (8) Mɔ kawo nue lɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si Yehowa ƒe habɔbɔa tsɔ wɔa dɔe la dze na wò le? (Ps. 133:1) (9) Amekawoe nèsusu be woakpɔ dzidzɔ ɖe xexeme yeye habɔbɔa ƒe ŋutinya siwo ku ɖe ƒe 1950-awo me dɔwɔnawo kpɔkpɔ ŋu?