United by Divine Teaching—Nɔviwo Dome Ðekawɔwɔ Ŋutɔŋutɔ Kpɔkpɔ
Nutome sue dzikpɔla aɖe nɔ eme wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple nyɔnu aɖe si medze hame ƒe kpekpewo dede gɔme haɖe o. Ekpee be wòava kpɔ video si nye United by Divine Teaching (Mawu ƒe Nufiafia Wɔ Wo Ðekae). Ede kpekpea kwasiɖa ma eye wògblɔ be edzɔ dzi na ye ŋutɔ be yede. Nukatae video sia wɔ dɔ ɖe ame dzi kaba alea? Alesi videoa ɖe míaƒe nɔviwo dome ɖekawɔwɔ xɔasi la fia wòdze ƒã le xexe si me ʋunyaʋunyawɔwɔ kple fuléle bɔ ɖo lae wɔ dɔ ɖe edzi.—Yoh. 13:35.
Kpɔ video sia ne nàkpɔ ŋutifafa kple lɔlɔ̃ si ƒe vivi sem Yehowa Ðasefowo le le xexeame godoo. Emegbe nàde ŋugble le biabia siawo ŋu:
(1) Nukatae “Mawu ƒe Nufiafia” nye tanya si sɔ na ƒe 1993-94 takpekpeawo?—Mixa 4:2.
(2) Dɔ kae Biblia ƒe nyateƒea wɔ ɖe ƒome aɖewo dzi? Dɔ kae wòwɔ ɖe wò ƒomea dzi?
(3) Nukatae wòle vevie be Yehowa nafia nu mí ɖo?—Ps. 143:10.
(4) Gbetɔame kawoe wòle be woakpe akɔ kplii le dzadzraɖo ɖe dukɔwo dome takpekpe gãwo wɔwɔ ŋu?
(5) Aleke nèkpɔ Psalmo133:1 kple Mateo 5:3 me nyawo ƒe nyateƒenyenye le Kristotɔwo ƒe takpekpe siwo nède mee?
(6) Mawu ƒe nufiafia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽŋu ƒe kpeɖodzi kae dze gaglã?—Nyaɖ. 7:9.
(7) Kristotɔ vavãwo ƒe nyɔnyrɔxɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake kae wokpɔ kpɔ?
(8) Mixa, Petro, kple Yesu ƒe nya kawoe le eme vam le Yehowa Ðasefowo dome?
(9) Nukae ɖo kpe edzi na wò be ameƒome kpɔdzidzɔ si wɔ ɖeka ƒe anyinɔnɔ menye drɔ̃e aɖe ko o?
(10) Amekawoe nàɖe video sia afia, eye nukatae?
Esi nɔvinyɔnu aɖe kpɔ video sia vɔ la, eƒo eta nyuie ale: ‘Video sia akpe ɖe ŋunye geɖe be manɔ ŋku ɖom edzi be Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le xexeame godoo siwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le ɣeyiɣi sia tututu dzi. Aleke gbegbe míaƒe nɔviwo dome ɖekawɔwɔa xɔ asii enye esi!’—Ef. 4:3.