INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/01 axa 1
  • “Afikae Mate Ŋu Akpɔ Ɣeyiɣia Le?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Afikae Mate Ŋu Akpɔ Ɣeyiɣia Le?”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeyiɣi Ƒeƒle Na Nuxexlẽ Kple Nusɔsrɔ̃
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 11/01 axa 1

“Afikae Mate Ŋu Akpɔ Ɣeyiɣia Le?”

1 Emae nye konyi si mía dometɔ geɖe fana esi míaƒe agbenɔnɔ yɔ fũ kple dɔwɔna vovovowo ta. Wogblɔna be ɣeyiɣi nye míaƒe nunɔamesi xɔasitɔ kple esi dome gblẽna kabakaba wu. Eyata aleke míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi awɔ nusiwo hiã ŋutɔŋutɔ, abe Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ene?—Fil. 1:10.

2 Menye ɣeyiɣi didi akpee enye nya la o, ke boŋ nusiwo míedi be míawɔ le ɣeyiɣi si le mía si fifia me ye. Gaƒoƒo 168 ye le mí katã si kwasiɖa ɖesiaɖe, míezãa esi ade 100 le alɔ̃dɔdɔ kple dɔwɔwɔ me. Eyata aleke míate ŋu azã gaƒoƒo siwo susɔ wòaɖe vi wu? Efesotɔwo 5:15-17 ɖo aɖaŋu be míazɔ, “menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; . . . , midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.” Esia fia alesi wòle vevie be míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ awɔ nusiwo Yehowa gblɔ be wohiã wu lae.

3 Yesu tsɔ míaƒe ŋkekea sɔ kple Noa tɔ. (Luka 17:26, 27) Amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi tsia dzi ɖe woƒe gbesiagbedɔwo wɔwɔ ŋu ɣesiaɣi. Ke hã Noa di ɣeyiɣi tsɔ kpa aɖakaʋu gã aɖe eye wòɖe gbeƒã hã. (Heb. 11:7; Pet. II, 2:5) Aleke wòwɔe? To alesi wòtsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ eye wòɖo toe to nuwo wɔwɔ “nenema pɛ” mee.—Mose I, 6:22.

4 Nukae Axɔ Nɔƒe Gbãtɔ? Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mat. 4:4) Míexɔa ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu agbɔsɔsɔ aɖe le ɣeyiɣi nyui dzi’ kwasiɖa ɖesiaɖe. (Luka 12:42) Esia bia ɖokuisi nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi ƒe amesinɔnɔ hafi wòate ŋu aɖe vi na mí ŋutɔŋutɔ. Esi míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu ta la, míebunɛ ɖaƒlenuɖuɖu aɖe si me míatsɔ dzitsitsi ato dzradzradzra abe alesi ame aɖewo magbɔ dzi ɖi ɖe ŋutilãmenuɖuɖu ŋui ene o. Ðe ema teƒe la, ŋudzedzekpɔkpɔ deto ana míagbɔ dzi ɖi asrɔ̃e ahase vivi na gbɔgbɔmenuwo.

5 Gbɔgbɔmenuwo ɖuɖu ate ŋu ana míakpɔ agbe mavɔ. (Yoh. 17:3) Ele be wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe ɖoɖowo me gbesiagbe. Ðe míate ŋu adi ɣeyiɣi na gbesiagbe Biblia xexlẽ kple dzadzraɖo wɔwɔ ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋua? Ẽ, míate ŋui. Ekema “fetu gã” si tsoa sidzedze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple edzi wɔwɔ me asu mía si.—Ps. 19:8-12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe