Yayra Siwo Tsoa Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yehowa ƒe Lɔlɔ̃ Ŋu Me—Akpa 2
1 Le numedzodzro si míewɔ le nyati sia ŋu le ɣleti si va yi me la, míekpɔ mɔ ene siwo dzi míate ŋu ato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu afia le subɔsubɔdɔa me. (Yoh. I, 4:9-11) Fifia míatsɔ mɔnu atɔ̃ bubu siwo dzi míato awɔ esia la akpe ɖe eŋu. Ne míekpɔa gome blibo le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo le gbɔgbɔme me la, woyraa mí.
2 Vomeɖaseɖiɖi: Esia nye mɔnu vevi aɖe si dzi míato akpɔ amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum eye míana agbalẽ si akpe ɖe wo ŋu la wo. Asɔ be ‘míaƒle ɣeyiɣi nyuitɔ’ atsɔ aɖe gbeƒã le mɔnukpɔkpɔ nyui ɖesiaɖe me ɣeawokatãɣi na amesiame si míado goe. (Ef. 5:16) Ahiã be míalé dzi ɖe ƒo hafi ate ŋu aɖe gbeƒã le mɔ sia nu, gake ne míekpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ kpakple hiahiã si me amewo le dze sii la, míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ aɖe gbeƒãe.—Tim. II, 1:7, 8.
3 Woyra dutanyanyuigblɔla aɖe geɖe le esi wòzã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖo dze kple ŋutsu aɖe si woa kplii wonɔ taksi me. Ŋutsua ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. Nɔviŋutsua wɔ tɔtrɔyiwo, eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ŋutsu sia va xɔ nyateƒea eye wòwɔ ŋgɔyiyi va zu hamemegã!
4 Lɛtawo Ŋɔŋlɔ: Ðewohĩ míate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme o le lãmegbegblẽ alo yame ƒe nɔnɔme madeamedzi ta. Míate ŋu aŋlɔ lɛtawo atsɔ aɖi ɖase kpui aɖe na ame nyanyɛwo, amesiwo bu woƒe lɔlɔ̃tɔwo le ku me, alo anyigbamama la me tɔ siwo míedoa goe le aƒeme o. Míate ŋu atsɔ míaƒe trakt si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi si me Biblia me gbedasi dodzidzɔnamewo le la dometɔ ɖeka ade eme ahade dzi ƒo nɛ be wòabia biabia ɖesiaɖe faa. Zã wò ŋutɔ wò adrɛs alo miaƒe Fiaɖuƒe Akpata la tɔ ko; ke menye alɔdzedɔwɔƒea ƒe adrɛs o.
5 Telefon dzi Ðaseɖiɖi: Esia nye mɔnu nyui si dzi míato be míaƒe asi naka amesiwo míedoa goe le aƒeme yi aƒeme dɔa me o. Ne míetsɔ ayedzedze, ameŋububu, ŋuɖɔɖɔɖo, kple aɖaŋudzedze wɔ esiae la, nu nyui geɖe ate ŋu ado tso eme. February 2001 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 5-6, ɖo aɖaŋu le alesi woate ŋu awɔe dzidzedzetɔe ŋu.
6 Esi nɔvinyɔnu aɖe nɔ ɖase ɖim le telefon dzi la, ebia nyɔnu aɖe be ebu nusi etsɔme ahe vɛ na eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ŋu nyuie kpɔ hã. Nyɔnua gblɔ be yebu eŋu kpɔ. Egblɔ be le esi mɔkpɔkpɔ bu ɖe ye ta la, yetiae be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga le aƒeme. Esi ɖetsɔleme vavã si nɔvinyɔnua ɖe fia wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi ta la, elɔ̃ be yewoado go le asi aɖe si te ɖe afima ŋu me. Nusi do tso emee nye be nyɔnua lɔ̃ ɖe edzi enumake be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye!
7 Dzaa Dodo na Amedzrowo: Ne míelɔ̃a mía haviwo la, míanɔ ŋudzɔ be míakpɔ ame yeye ɖesiaɖe si ava míaƒe kpekpea, eye míana wòase le eɖokui me be edzɔ dzi na mí be yeva. (Rom. 15:7) Mina wòakpɔe be xɔlɔ̃ siwo tsɔa ɖe le yeƒe gbɔgbɔmenyonyo me la domee yele. Míaƒe ɖetsɔleme vavã kple Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dodo ɖe egbɔ ate ŋu aʋãe be wòaxɔ míaƒe kpekpeɖeŋu.
8 Míaƒe Agbenyuinɔnɔ: To míaƒe agbenyuinɔnɔ dzi la, míeɖoa atsyɔ̃ na nyateƒea. (Tito 2:10) Ne egodotɔwo ƒoa nu nyui le mí Yehowa Ðasefowo ŋu la, edea bubu míaƒe Mawu la ŋu. (Pet. I, 2:12) Esia hã ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woava agbemɔa dzi.
9 Nukata màdzro mɔnu atɔ̃ siawo me atsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí la ŋu ahatsɔ wo ade dɔwɔwɔ me o? (Yoh. I, 4:16) Ne èyi edzi wɔe alea la, àkpɔ yayra geɖe.