INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/02 axa 3-6
  • “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Míagate Ŋu Awɔea?—Míegale Kpekpeɖeŋu Mɔɖelawo Dim
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Yi Edzi Nànɔ Nu Ƒom tso Yehowa ƒe Nukudɔwo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 2/02 axa 3-6

“Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”

1 Ne èkpɔ ŋudzedze ɖe nu nyui aɖe si su asiwò ŋu vevie la, ɖe mèɖenɛ fiana le wò nɔnɔme kple nuwɔna me oa? Ðikeke mele eme o be èɖenɛ fiana! De dzesi alesi apostolo Paulo wɔ nu ɖe Yehowa ƒe dɔmenyonyo kple amenuveve si wòɖe fia amegbetɔwoe ŋu. Egblɔ be: “Woada akpe na Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!” Nukae nye eƒe “nunana” ma? ‘Mawu ƒe amenuveve sɔ gbɔ’ si wòɖe fia mí la ƒe gãtɔe nye eya ŋutɔ Via si wòna wònye tafe ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta.—Kor. II, 9:14, 15; Yoh. 3:16.

2 Ðe Paulo ƒe akpedanyawo gbɔgblɔ nye nya dzrowo koa? Kura o! Eɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ deto fia le mɔ geɖe nu. Etsɔ ɖe le ehati Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me vevie eye wòdi be yeawɔ nusi yeate ŋui akpe ɖe wo ŋu be Mawu ƒe amenuveve naɖe vi na woawo hã bliboe. Paulo gblɔ tso wo ŋu be: “Esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” (Tes. I, 2:8.) Tsɔ kpe ɖe kpekpe ɖe amesiwo le hamea me xoxo ŋu be woakpɔ xɔxɔ la, Paulo ɖe gbeƒã nyanyuia kutrikukutɔe, eye wòzɔ mɔ kilometa akpe geɖe to anyigba kple ƒu dzi be yeaɖo “amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ” la gbɔ. (Dɔw. 13:48, NW) Ŋudzedzekpɔkpɔ deto si nɔ Paulo si ɖe nusiwo katã Yehowa wɔ nɛ ŋu lae ʋãe be ‘wòɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la bliboe.’—Kol. 1:25.

3 Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã Yehowa wɔ na mí ŋu la meʋãa mí be míana gbɔgbɔ me alɔdodo amesiwo hiã kpekpeɖeŋu le hamea me oa? (Gal. 6:10) Eye ɖe meʋãa mí be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia me bliboe alesi míate ŋui le míaƒe anyigbamama katã me oa?—Mat. 24:14.

4 Mɔnukpɔkpɔ si Li be Míaɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia: Ƒe sia ƒe la, Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia naa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mí be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nusiwo Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋu. Ɣeyiɣi sia menye kpekpe bubu aɖe dede alo ŋkuɖoɖo wɔna aɖe dzi dzro ko o. Yesu gblɔ be: “Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nye ɣeyiɣi si míedea ŋugble le amesi ƒomevi Yesu nye ŋu. Enye ɣeyiɣi si míedea dzesii be Yesu le agbe eye wòle dɔ wɔm fifia, le ŋutikɔkɔe kple fiaɖuŋusẽ me, esi wotsɔ nɛ le eƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe kple eƒe vɔsasa megbe. Wɔna sia naa mɔnukpɔkpɔ mí hã be míaɖe míaƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Kristo ƒe tanyenye te afia esime wòxɔ ŋgɔ le mɔ fiam Kristo-hamea ƒe nuwɔnawo kple eƒe dɔwɔwɔwo. (Kol. 1:17-20) Ele be Mawu ƒe amewo katã nakpɔ gome le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia me bubutɔe. Míawɔ ƒe sia me tɔ le Yawoɖa, March 28, 2002, le ɣeɖoto megbe.

5 Le dɔ si míewɔ kutrikukutɔe do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me ta la, míekpɔ vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 236,088 le Ghana ƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamama te. Vavalawo ƒe xexlẽme kae míakpɔ le ƒe sia me? Akpa gãtɔ anɔ te ɖe míaƒe ‘dɔ sesẽ wɔwɔ kple ʋiʋlĩ vevie’ le kpekpe ɖe ame alesinu míate ŋui ŋu be woade me.—Tim. I, 4:10.

6 Tsɔ kpe ɖe gomekpɔkpɔ le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua me ŋu la, míate ŋu adzi míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ðikeke mele eme o be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe geɖe awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema. Le ƒe atɔ siwo va yi ƒe ƒeawo dometɔ ɖesiaɖe me la, míekpɔ kpekpeɖeŋu mɔɖela siwo ƒe xexlẽme nye 2,990 le mama dedie nu le Ŋkuɖodziɖuɣia, tso March vaseɖe May me. Ðe nàte ŋu awɔ wò ɖoɖowo nyuie be nàkpɔ dzidzɔ vavã si le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le ƒe sia mea? Anye mɔ nyui aɖe si dzi nàto aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ afia ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nunana si wòna mí, si nye Kristo ƒe vɔsa, la ŋu. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be Yehowa ayra wò, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene.

7 Nɔvinyɔnu aɖe si dea dɔme ɣesiaɣi ŋlɔ tso nuteƒekpɔkpɔ si su esi le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le March si va yi me ŋu ale: “Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, February 2001 tɔ, de dzi ƒo na amesiame si ƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ nɛ be wòawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodziɖuɣia. Esi wònye Memleɖa atɔ̃e nɔ March ma me ta la, esia sɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Eyata mede asi mɔɖeɖedɔ ƒe agbalẽvia te.” Esi wòdze egɔme le ɣletia me la, eɖo taɖodzinu na eɖokui be yeadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Ðe wòkpɔ dzidzedzea? Ẽ, le eƒe gaƒoƒo 52 lia kpɔkpɔ dzie wòkpɔ nusrɔ̃vi le ɣleti ma me! Aleke wòƒo nya tae? “Ne míedze agbagba vevie la, yayra wɔnukuwoe míakpɔ.”

8 Viɖe kawoe ƒomewo kpɔ esi wowɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɖekae? Ƒome aɖe si me ame ene le, siwo katã wɔ mɔɖeɖedɔa le ƒe si va yi ƒe April me la kpɔe be enye ɣleti si dzi yewoanɔ ŋku ɖomee ɣesiaɣi. Vidadaa gblɔ be: “Dzidzɔ ka gbegbee nye si nɔa mía me gbesiagbe, le esi míewɔa ɖeka le subɔsubɔdɔa me ta! Dzeɖoɖo tso ŋkekea ƒe dɔ si míewɔ ŋu wɔnɛ be míekpɔa dzidzɔ manyagblɔ le fiẽnuɖuɣiwo.” Wo viŋutsu gblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me kple Papa le kwasiɖaa me, si nye ɣeyiɣi si wòtsɔ wɔa eƒe dɔwɔɖui zi geɖe.” Wo fofo gblɔ kpee be: “Abe ƒomea ƒe ta ene la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le esi menya be míele dɔ vevitɔ kekeake le míaƒe ɣeyiɣia me la wɔm ɖekae ta.” Ðe miaƒe ƒomea ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa ɖekaea? Nukata miawɔ ƒome numedzodzro akpɔe ɖa ne anya wɔ be ƒome bliboa nawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le Ŋkuɖodziɖuɣi sia o?

9 Ðe Míate Ŋu Ana March Nanye Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea? Le ƒe 2000 ƒe gɔmedzedze la, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ bia be: “Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?” Aleke nɔviwo wɔ nui? Míekpɔ dzidziɖedzi yeye geɖe. Míekpɔ amesiwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 7,117. Gakpe ɖe eŋu la, míekpɔ dzidziɖedzi yeyewo le gbeƒãɖelawo, gbesiagbe mɔɖelawo, kple Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔwo me. Èɖo ŋku dzonɔameme si nɔ miaƒe hamea me esi gbɔgbɔmedɔwo dzi ɖe edzi le ɣleti tɔxɛa me la dzia? Ðe míaƒe dɔwɔnawo le ƒe sia me ade ema nu alo awui kura gɔ̃a? Ne mí katã míeku kutri vevie la, March 2002 ate ŋu anye “Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeake.” Nukatae wònye March?

10 Susu eve tae wòle be March nanye dɔwɔwɔ ƒe ɣleti tɔxɛ. Gbã, míawɔ Ŋkuɖodzia le March ƒe nuwuwu lɔƒo, si ana mɔnukpɔkpɔ geɖe mí tso ɣletia ƒe gɔmedzedze be míakpe ame alesinu míate ŋui be woade. Evelia, kwasiɖanuwuwu atɔ̃ bliboe le March me, si na wòle bɔbɔe be amesiwo dea dɔme le kwasiɖaa me alo amesiwo le suku dem la hã nate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Nukata mànɔ anyi fifia azã ɣletigbalẽ si wowɔ ɖe emedegbalẽvia me atsɔ awɔ gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe ɖoɖowɔɖi o? Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu anɔ bɔbɔe na wò wu alesi nèsusui. Le kpɔɖeŋu me, ne èwɔ ɖoɖo be yeakpɔ gaƒoƒo 8 le kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe la, ke gaƒoƒo 10 bubu kpɔkpɔ ƒe ɖoɖo koe nàgawɔ le ɣletia ƒe ŋkeke bubuwo dzi hena gaƒoƒo 50 si hiã la gbɔ ɖoɖo.

11 Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amesiame ŋu le hamea me be “woaɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la bliboe”? Tu dzonɔameme ɖo le wò dɔdasiwo wɔwɔ me le kpekpea me kpakple le wò dzeɖoɖo kple hamea me tɔwo me. Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo ate ŋu axɔ ŋgɔ aɖo dze tso eŋu na amesiame si le ƒuƒoƒoa me, eye woana kpekpeɖeŋu si sɔ la wo. Ðewohĩ dzideƒonamenya ʋɛ aɖewo alo aɖaŋuɖoɖo siwo ŋudɔ woate ŋu awɔ koe anye nusi wohiã. (Lod. 25:11) Ame geɖe akpɔe be ne yewo wɔ tɔtrɔ vivivi aɖewo le yewoƒe ɖoɖowɔɖiwo me la, yewoate ŋu ase vivi le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Le hame aɖewo me la, hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla geɖe, alo wo katã gɔ̃ hã, kpakple wo srɔ̃wo siaa, ɖo kpɔɖeŋu nyui to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le Ŋkuɖodziɖuɣia. Esia de dzi ƒo na gbeƒãɖela geɖe be woawo hã woƒo wo ɖokui ɖe eme. Le dɔléame alo nɔnɔme bubu aɖewo ta la, gbeƒãɖela aɖewo mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o, gake woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woaɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to alesi woawɔ wo tɔ sinua le subɔsubɔdɔa me kple hamea me tɔ bubuwo.

12 Dzidzedze si míakpɔ anɔ te ɖoɖo nyui si hamemegãwo awɔ dzi. Ele be woawɔ kpekpe hena gbeadziyiyi le ɣeyiɣi siwo asɔ dzi le kwasiɖa bliboa me. Ne anɔ bɔbɔe la, subɔsubɔdɔ dzikpɔla ade kpekpe ɖesiaɖe hena gbeadziyiyi dzi kpɔkpɔ asi na nɔviŋutsu siwo dze la do ŋgɔ. Dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ hiã ale be womawɔ kpekpe siawo woawu aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 15 o, si me nɔviawo mama, anyigbamama nana wo, kple gbedodoɖa siaa le. (Kpɔ Nyabiaɖaka le September 2001 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.) Ele be woaɖe ɖoɖo si dzi woazɔ ɖo le ɣletia me la me na hamea nyuie eye woaklãe ɖe gbeƒãɖeɖe klãɖoƒea.

13 Ele be woawɔ ɖoɖo ɖe anyigbamama siwo me woawɔ dɔ le ŋu. Subɔsubɔdɔ dzikpɔla nakpe kple nɔviŋutsu si le anyigbamama nyawo dzi kpɔm be woawɔ ɖoɖo ɖe dɔwɔwɔ le anyigbamama siwo me womewɔa dɔ le edziedzi o ŋu. Ele be woate gbe ɖe amesiwo wometu le aƒeme o gbɔ ɖoɖo, ablɔdziɖaseɖiɖi kple tso fiase me yi fiase me, hekpe ɖe fiẽsiɖaseɖiɖiwo ŋu la dzi. Le afisi wòasɔ le la, woate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela aɖewo ŋu be woawɔ telefon dzi ɖaseɖiɖi.

14 Kpe Ðe Wo Ŋu Woagasubɔ Ake: Ðe ame aɖewo le miaƒe hamea ƒe anyigbamama me siwo megatsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu oa? Ame mawo gakpɔtɔ nye hamea ƒe akpa aɖe, eye wohiã kpekpeɖeŋu. (Ps. 119:176) Esi xexe xoxo sia ɖo eƒe nuwuwu vɔ eye yeyea gbɔna kpuie ta la, susu geɖe li si ta wòle be míadze agbagba ɖesiaɖe akpe ɖe amesiwo gbɔdzɔ la ŋu. (Rom. 13:11, 12) Le ƒe atɔ̃ siwo va yi me la, amesiwo wu 570 ye xɔa kpekpeɖeŋu ƒe sia ƒe eye dzo gaɖoa wo me na subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame geɖe ŋu be wogatu lɔlɔ̃ kple kakaɖedzi si nɔ wo si gbã la ɖo?—Heb. 3:12-14.

15 Ahiã be hamemegãwo ƒe ha la nadzro alesi woate ŋu akpe ɖe amesiwo gbɔdzɔ le ƒe ʋɛ siwo va yi me ŋu la me. (Mat. 18:12-14) Ele be agbalẽŋlɔla la nato Hamea ƒe Gbeƒãɖelawo ƒe Nuŋlɔɖiwo me eye wòade dzesi amesiwo gbɔdzɔ. Woadze agbagba etɔxɛe ana kpekpeɖeŋu wo to alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo me. Ðewohĩ hamemegã aɖe adi be yeasrã gbeƒãɖela aɖe akpɔ esi wònye kadodo nyui nɔ eya kplii dome kpɔ ta, alo woate ŋu abia tso gbeƒãɖela bubuwo si be woana kpekpeɖeŋu. Ðewohĩ wosrɔ̃ nu kple amesi gbɔdzɔ la kpɔ eye woalɔ̃ faa azã mɔnukpɔkpɔa atsɔ ana kpekpeɖeŋu tɔxɛ le ɣeyiɣi sia si wòhiã la me. Mɔkpɔkpɔ li be esia aʋã amesiwo gbɔdzɔ la dometɔ geɖe be woagadze gbeƒãɖeɖe tso Mawu ƒe nya la ŋu gɔme ake. Ne wodze la, ke ɣeyiɣi nyui bubu aɖeke magasɔ wu be woadze egɔme wu Ŋkuɖodziɖuɣia o!—Kpɔ November 2000, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka hena numekɔkɔ bubuwo.

16 Ðe Ame Bubuwo Dze na Gbeƒãɖeɖea? Yehowa yi edzi le eƒe amewo yram to “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” hehe vɛ me. (Xag. 2:7) Ƒe sia ƒe la, ame akpe geɖe siwo dze la va zua gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Amekawoe? Ðevi siwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe viwo kple Biblia-nusrɔ̃vi siwo le ŋgɔyiyi wɔm. Aleke míawɔ anya be wodze anye nyanyui gbeƒãɖelawo?

17 Yehowa Ðasefowo ƒe Viwo: Ðevi geɖe kplɔa wo dzilawo ɖo le tso aƒeme yi aƒeme ƒe dɔa wɔwɔ me ƒe aɖewoe nye esia, togbɔ be womenye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo haɖe o hã. Ðewohĩ March ate ŋu anye ɣeyiɣi nyui si woana woadze egɔme. Aleke nàwɔ anya be viwòa dze? Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe agbalẽa gblɔ le axa 99 be nenye be wokpɔe be “ɖevi aɖe ƒe agbenɔnɔ nye kpɔɖeŋu nyui eye wòte ŋu ɖea eƒe xɔse fiana to nuƒoƒo tso nyanyuia ŋu na ame bubuwo tso eƒe dzi me.” Ne èkpɔ be viwòa dze la, ke ƒo nu tso eŋu na hamemegã siwo le Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me la dometɔ ɖeka.

18 Biblia-nusrɔ̃vi Siwo Dze: Ne sidzedze su Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si eye wòle kpekpewo dem ɣeyiɣi aɖee nye sia la, ɖewohĩ adi be yeazu Fiaɖuƒe gbeƒãɖela. Ne wòe le nu srɔ̃m kple nusrɔ̃vi sia la, ke bu nyabiase siawo ŋu kpɔ: Ðe afɔɖeɖe siwo wɔm wòle la sɔ ɖe eƒe tsitsime kple ŋutete nua? Ðe wòle nu ƒom tso eƒe xɔsea ŋu le mɔ aɖe nu xoxoa? Ðe wòle “amenyenye yeyea” doma? (Kol. 3:10) Ðe wòɖo gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ƒe nudidiwo gbɔ abe alesi wogblɔe ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa ƒe axa 97-9 enea? Ne eɖo nudidiawo gbɔ la, ke ele be nàte ɖe Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia ŋu ale be woawɔ ɖoɖo ne hamemegã eve nakpe kple mia kple nusrɔ̃via. Ne edze la, hamemegã eveawo ana nyanyae be ate ŋu adze gomekpɔkpɔ le dutoƒo subɔsubɔdɔa me gɔme.

19 Ke April Kple May ya Ðe? Esiawo hã anye ɣleti tɔxɛ siwo me míadzi gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzi le. Ame geɖe siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March me agate ŋu awɔe ake le April kple/alo May me. Le April kple May me la, nu vevitɔ si ŋu míalé fɔ ɖoe nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nana le gbeadzi. Aleke gbegbe wowɔa dɔ ɖe amesiwo xlẽnɛ dzi enye si! Magazine siawo wɔa akpa vevi aɖe le dzidziɖedzi gbogbo si kpɔm míele le xexeame katã me. Míadze agbagba etɔxɛe be le April kple May me la, míana magazine ame geɖe alesi míate ŋui. Wɔ ɖoɖo fifia be nàkpɔ gome le eme bliboe.

20 Le esi nèwɔ ɖoɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa dzidziɖedzi ŋu vɔ la, ɖe nèkpɔe be ehiã be nàdzi magazine siwo nèxɔna le hamea me ɖe edzia? Le subɔsubɔƒe bliboa me la, míewɔ ɖoɖo ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mama ŋu le Memleɖa ɖesiaɖe dzi, si nye míaƒe Magazineŋkeke. Gake esi wònye ame geɖe awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa eye mí katã míakpɔ gome le magazinewo nana me le ɣleti eve blibo me ta la, ɖewohĩ ahiã be nàdzi magazine siwo nèxɔna le hamea me ɖe edzi. Ne aleae wòle la, ke taflatse na miaƒe hamea ƒe magazine dzikpɔla nanya enumake. Nenema ke ele be agbalẽ dzikpɔla la hã nakpɔ egbɔ be trakt si nye Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua? li na nɔviwo katã be woazã.

21 Ame geɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe akpa si nye “Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu” si le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la ŋu. Ðe nèle ɖoɖo sia ŋudɔ wɔm to magazine nana ƒe kpɔɖeŋuawo sɔsrɔ̃ mea? Nukata miazã kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe ƒome Biblia nusrɔ̃ɣia ƒe akpa ɖe na wɔwɔfia siawo wɔwɔ kpɔ o?

22 Na Ŋkuɖodziɖuɣi sia Naɖe Vi na Wò Bliboe: Abe apostolo Paulo ene la, mina míaɖe alesi gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe “nunana manyagblɔ” la ŋu afia to gomekpɔkpɔ bliboe le gbɔgbɔmedɔwɔna siwo ƒe ɖoɖo wowɔ ɖe Ŋkuɖodziɖuɣi sia ŋu me. Esia dometɔ aɖewoe nye: (1) Wɔna vevitɔ kekeake le ƒea me la dede, si nye ŋkuɖoɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua dzi, si dze Yawoɖa, March 28, 2002 dzi; (2) kpekpe ɖe amesiwo gbɔdzɔ la ŋu be woagbugbɔ ‘lɔlɔ̃ si nɔ wo si gbã la atu ɖo’ (Nyaɖ. 2:4; Rom. 12:11); (3) kpekpe ɖe mía viwo kple Biblia-nusrɔ̃vi siwo dze ŋu be woazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo; eye (4) gomekpɔkpɔ le ɖaseɖiɖidɔa me bliboe alesi míate ŋui, ahawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March me kple le emegbe gɔ̃ hã.—Tim. II, 4:5.

23 Enye míaƒe gbedodoɖa vevie be mí katã míakpɔ gome bliboe le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia me le Ŋkuɖodziɖuɣi sia, bene wòaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la ŋu.

[Aɖaka si le axa 6]

Nye Gbeadzidede ƒe Ðoɖowɔɖi na March 2002

Kwasiɖa Dzoɖa Braɖa Kuɖa Yawoɖa Fiɖa Memleɖa

1 2

Magazineŋkeke

3 4 5 6 7 8 9

Magazineŋkeke

10 11 12 13 14 15 16

Magazineŋkeke

17 18 19 20 21 22 23

Magazineŋkeke

24 25 26 27 28 29 30

ŊKUÐODZIA Magazineŋkeke

LE ƔEÐOTO

31 MEGBE

Àte ŋu awɔ gaƒoƒo 50 ƒe ɖoɖo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March mea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe