‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
1. Nya nyui kae wòle be míagblɔ na amewo?
1 Le xexe sia si me nya nyui sese mebɔ kura o me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖi “ɖase tso Mawu ƒe amenuveve nya nyui la ŋu tsitotsito.” (Dɔw. 20:24) Esia bia be míana amewo nanya be esusɔ vie “ŋkeke mamlɛawo” nu nava yi, eye xexe yeye si ŋugbe Yehowa do la ava, afi si “nu siwo nɔ anyi tsã la nu [ava] yi” le. (2 Tim. 3:1-5; Nyaɖ. 21:4) Ɣemaɣi la, dɔléle maganɔ anyi o. (Yes. 33:24) Woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre, eye woava wɔ ɖeka kple woƒe ƒometɔwo ake. (Yoh. 5:28, 29) Woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso dzeani aɖe. (Yes. 65:21-23) Esia nye nya nyui si wòle be míagblɔ na amewo la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ko!
2. Nu ka tae Ŋkuɖodziɖuɣia ana mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be míaɖe gbeƒã nya nyuia?
2 Ɣleti siwo nye March, April, kple May ana mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be míaɖi ɖase tso nya nyui sia ŋu na amewo. Le ɣleti siawo me la, yame ƒe nɔnɔmewo dea ame dzi le xexea me ƒe akpa geɖewo, si wɔnɛ be wotea ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe le gbeadzi. Gakpe ɖe eŋu la, woaɖu Ŋkuɖodzia si nye ƒea ƒe wɔna vevitɔ la le Memleɖa, March 22 lia dzi le ɣeɖoto megbe le xexea me godoo. Fifiae wòle be míadze dzadzraɖowɔwɔ gɔme hena míaƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi.
3. Nu kae akpe ɖe ƒomewo ŋu be woadzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi?
3 Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ: Ðe miate ŋu awɔ ɖoɖo be miawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka, eve, alo etɔ̃awo katã? Ðe manyo ŋutɔ be miazã ɣeyiɣi aɖe le ƒomenusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo wɔɣi atsɔ adzro nya sia me oa? Ne miewɔ nu aduadu la, ƒomea me tɔ ɖeka alo esi wu nenema ate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. (Lod. 15:22) Mido gbe ɖa tso nya sia ŋu, eye miakpɔ ale si Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzii ɖa. (Lod. 16:3) Nenye be ƒomea me tɔ aɖeke mate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o gɔ̃ hã la, ƒomea me tɔwo katã ate ŋu aɖo taɖodzinu aɖe koŋ na wo ɖokuiwo be woadzi woƒe gomekpɔkpɔ le ɖaseɖiɖidɔa me ɖe edzi ne wowɔ dɔ kple ame siwo anɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm ɣemaɣi.
4. Aleke míate ŋu atrɔ asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu bene míate ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ne míedea dɔ me ɣeyiɣiawo katã?
4 Ne èdea dɔ me ɣeyiɣiawo katã gɔ̃ hã la, ɖoɖo nyui wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Ðewohĩ àte ŋu azã wò ŋdɔnuɖuɣi ƒe akpa aɖe atsɔ aɖe gbeƒãe. Alo àte ŋu abia be woana anyigbamama ye le teƒe si te ɖe wò aƒe alo dɔwɔƒe ŋu, ale be nàte ŋu awɔ ɖaseɖiɖidɔa abe gaƒoƒo ɖeka ene do ŋgɔ na dɔmeyiyi alo le kpakpã megbe. Ðewohĩ àte ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe ne èwɔ wò ŋutɔ wò dɔ aɖewo siwo mehiã boo o la le ɣleti bubu me eye nèyi gbeadzi ŋkeke bliboa le kwasiɖanuwuwuwo. Nɔvi aɖewo te ŋu xɔ ŋkeke ɖeka alo eve le dɔ me hena gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.
5. Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame tsitsiwo kple dɔnɔwo ŋu be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa?
5 Ne ènye ame tsitsi alo dɔnɔ alo ŋusẽ boo mele ŋuwò o la, àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa nenye be èzãa ɣeyiɣi sue aɖe le gbeadzi gbe sia gbe. Do gbe ɖa na Yehowa nàbiae be wòana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la ye. (2 Kor. 4:7) Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 106 te ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa! Eƒe ƒometɔ siwo nye Ðasefowo kple hamea me tɔ bubuwo kpe ɖe eŋu be wòɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me, wɔ tɔtrɔyiwo, yi ɖasrɔ̃ Biblia kple amewo hekpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubuwo me. Ete ŋu kpe asi ɖe eŋu wodze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame ewo sɔŋ. Egblɔ be: “Ne mebu mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si su asinye be mete ŋu wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ŋu la, lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa, Via, kple Eƒe habɔbɔ lɔ̃ame la ŋu yɔa nye dzi me fũu. Le nyateƒe me la, medi be magblɔ be, ‘Yehowa akpe na wò!’”
6. Nu kae sɔhɛ xɔnyɔnyrɔ si gakpɔtɔ le suku dem ate ŋu wɔ be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa?
6 Ne sɔhɛ xɔnyɔnyrɔ si gakpɔtɔ le suku dem ye nènye la, wò hã àte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Abe ale si ame siwo dea dɔ me ɣeyiɣiawo katã wɔnɛ ene la, àte ŋu azã kwasiɖanuwuwuwo koŋ hena gomekpɔkpɔ le ɖaseɖiɖidɔa me. Ðewohĩ àte ŋu azã abe gaƒoƒo ɖeka ene le kpakpã le suku megbe le ŋkeke aɖewo hã dzi atsɔ aɖi ɖase. Ðe ŋkeke aɖewo li siwo miayi suku o siwo nàte ŋu ade gbeadzia? Ne àdi be yeawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa la, dzro eme kple dziwòlawo.
7. Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ atu hamea me tɔwo ƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ɖo le Ŋkuɖodziɖuɣia?
7 Tu Dzonɔameme Ðo: Hamemetsitsiwo ate ŋu atu hamea ƒe dzonɔameme ɖo geɖe to woƒe kpɔɖeŋuwo dzi. (1 Pet. 5:2, 3) Woate ŋu awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo bubu na ame siwo adi be yewoayi gbeadzi ŋdi kanyaa, le kpakpã le suku alo kpakpã le dɔ me megbe. Subɔsubɔdɔ dzikpɔla nakpɔ egbɔ be yede dɔ asi na gbeƒãɖela siwo dze be woakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi, eye be anyigbamama, magazinewo, kple agbalẽ siwo asu na wo la li woazã le ɣleti siawo me le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me.
8. Nu kae míesrɔ̃ tso nu si hame aɖe wɔ la me?
8 Le hame aɖe me la, hamemetsitsiwo te dzidedeƒo na nɔviawo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti geɖewo do ŋgɔ. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, woɖea gbeƒã ame siwo de asi agbalẽ te be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa na hamea. Esia na kakaɖedzi ame siwo di be yewoadzi yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi la be yewoakpɔ ame geɖe awɔ dɔ kple wo. Wowɔ ɖoɖo bubuwo hena gbeadziyiyi le ŋdi kanyaa kple fiẽsiwo. Nu si do tso emee nye be gbeƒãɖela 53 wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April me, si nye hamea ƒe afã kloe!
9. Nu ka tae Ŋkuɖodziɖuɣia nye ɣeyiɣi nyui aɖe si me ame siwo dze anye gbeƒãɖelawo ate ŋu adze gbeƒãɖeɖe nya nyuia gɔme?
9 Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woaɖe Gbeƒã: Ne ame yeyewo kple sɔhɛwo dze anye gbeƒãɖelawo la, woate ŋu awɔ ɖoɖo na wo be woawɔ dɔ kple gbeƒãɖela bibiwo le gbeadzi. Mɔnukpɔkpɔ sia ate ŋu aʋu ɖi na wo le Ŋkuɖodziɖuɣia, esime hamea me tɔ geɖe adzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Ðe wò Biblia nusrɔ̃vi aɖe le ŋgɔyiyi wɔm, eye wòle agbe nɔm ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo nua? Ðe vi ɖɔʋu siwo le ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm gake womekpɔ nye gbeƒãɖelawo o le asiwòa? Ne ame siawo gblɔ be yewodi be yewoazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo eye nèkpɔe be wodze la, ekema na hamemetsitsi ɖeka nanya. Dzikpɔla zimenɔlaa awɔ ɖoɖo be hamemetsitsi eve nakpe kple mia kple viwòa alo wò nusrɔ̃via.
10. Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu?
10 Ɣleti siwo akplɔe ɖo hã nye ɣeyiɣi siwo sɔ ŋutɔ na ame siwo dzudzɔ gbeadzidede be woadze gbeƒãɖeɖe gɔme kple hamea. Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo kple hamemetsitsi bubuwo nadze agbagba vevie ayi aɖasrã ame siawo kpɔ, eye woakpe wo lɔlɔ̃tɔe be woakpɔ gome kpli yewo le ɖaseɖiɖidɔa me. Ne wodzudzɔ gbeadzidede eteƒe didi la, ele be hamemetsitsi eve nakpe kpli wo ahakpɔe ɖa be wogadze mahã.—km 11/00 axa 7.
11. Nu kae nye “Mawu ƒe amenuveve” ɖeɖe fia gãtɔ?
11 Dzra Ðo Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu: Tafe lae nye “Mawu ƒe amenuveve” ɖeɖe fia gãtɔ. (Dɔw. 20:24) Ame miliɔn geɖe siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu akpe ta le Memleɖagbe, March 22, le ɣeɖoto megbe hena Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu le xexea me godoo. Míedi be míakpe dzi anukwaretɔwo katã ahakpe ɖe wo ŋu be woade wɔna vevi sia si ɖia ɖase tso amenuveve si Yehowa ɖe fia ameƒomea ŋu la wɔƒe.
12. Ame kawoe míate ŋu akpe na Ŋkuɖodzia?
12 Ŋlɔ ame siwo nàdi be yeakpe la ƒe ŋkɔwo ɖi. Ðikeke mele eme o be ame siwo ƒe ŋkɔ nàŋlɔ ɖi la dometɔ aɖewoe nye wò ƒometɔwo, aƒelikawo, ame nyanyɛ siwo nye dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo, ame siwo nèsrɔ̃ Biblia kple kpɔ, ame siwo nèle nu srɔ̃m kple fifia kpakple ame siwo gbɔ nètrɔ yina edziedzi la. Ne ame siwo nèkpe la dometɔ aɖe bia nya aɖe ku ɖe Ŋkuɖodzia ŋu la, àkpɔe be tanya si nye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu, si le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe megbenyawo me, axa 206-8, la zazã aɖe vi ŋutɔ. Esia ate ŋu aʋu mɔ na wò be nàdze Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme gɔ̃ hã, esi wònye be ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàƒo nu tso agbalẽ si míezãna tsɔ wɔa Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu ta.
13. Aleke Yehowa yra ɖe gbeƒãɖela eve aɖewo siwo ɖoe hekpe amewo hena Ŋkuɖodzia ƒe agbagbadzedzewo dzi?
13 Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ ƒome 48 ƒe ŋkɔwo ɖi be yeakpe wo. Ne ekpe wo dometɔ aɖe la, etea fli ɖe woƒe ŋkɔ me, eye wòŋlɔa ɣletiŋkeke si dzi wòkpe wo la ɖi. Kpɔ ale si dzi anya dzɔe esime ame siwo wòkpe la dometɔ 26 de Ŋkuɖodzia ɖa! Nɔviŋutsu aɖe si nye fiasetɔ la kpe eƒe dɔwɔvi aɖe si nye nunɔla tsã. Ŋutsua de Ŋkuɖodzia, eye wògblɔ kple dzidzɔ emegbe be: “Mesrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋu le gaƒoƒo ɖeka me wu ƒe 30 siwo metsɔ nɔ Katolikohaa me.” Le Ŋkuɖodzia ɖuɖu megbe kpuie la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa kple ye.
14. Amekpekpedɔ kae míawɔ le xexea me godoo tso March 1 dzi?
14 Amekpegbalẽviwo Mama: Tso Memleɖagbe, March 1 va se ɖe March 22 dzi la, míama amekpegbalẽvi tɔxɛ aɖe hena amewo kpekpe na Ŋkuɖodzia le xexea me godoo. Mí katã míadi be míakpɔ gome le amekpekpedɔ vevi sia me bliboe. Anyo ŋutɔ be nàtsɔ amekpegbalẽvia na aƒemenɔlaa ŋutɔ tẽe wu be nàgblẽe ɖe eƒe ʋɔtru te. Ke hã, ne miaƒe anyigbamama lolo la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be woagblẽ amekpegbalẽvi aɖe ɖi na ame siwo mele aƒe me o la ŋuɖɔɖotɔe. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míana magazine yeyewo hã akpe ɖe eŋu.
15. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ama Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia?
15 Esi wònye be ɣeyiɣi kpui aɖe koe le mía si hena amekpegbalẽvi sia mama ta la, anyo be míaƒe ŋgɔdonya nanɔ kpuie. Ðe xɔlɔ̃wɔwɔ kple dzonɔameme fia. Àte ŋu agblɔ be: “Míedi vevie be míakpe mia kple wò ƒometɔwo kpakple xɔ̃wòwo hena wɔna vevi aɖe si míawɔ le March 22 lia dzi. Wò amekpegbalẽvie nye esia. Woŋlɔ wɔnaa ŋuti nyatakakawo ɖe agbalẽvia dzi.” Ðewohĩ nyabiase aɖewo anɔ aƒemenɔlaa si. Alo ɖewohĩ elɔ̃ ɖe amekpekpea dzi, eye wògblɔ be, yele vava ge. Wɔ nuŋlɔɖi ku ɖe ɖetsɔleme si amea ɖe fia ŋu, eye wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi.
16. Nudzɔdzɔ kae ɖo kpe ame siwo le míaƒe anyigbamama me kpekpe hena Ŋkuɖodzia ƒe vevienyenye dzi?
16 Le ƒe si va yi me la, asrafo aɖe kpɔ Ŋkuɖodzi ƒe amekpegbalẽvia le eƒe ʋɔtru te. Eɖoe be yeayi, gake enɔ nɛ be wòabia mɔ tso eƒe asrafomegã gbɔ. Esi wòtsɔ amekpegbalẽvia fia eƒe asrafomegã la, amegã la tɔ sẽe, emegbe wògblɔ be, ye dzilawo nye Ðasefowo eye yedea kpekpeawo kpli wo tsã. Nukutɔe la, asrafomegã la ɖe mɔ nɛ be wòayi, eye eya ŋutɔ hã de Ŋkuɖodzia kplii!
17. Aleke míeɖenɛ fiana be míeda taɖodzinu si le Mawu ƒe amenuveve ŋu la ƒu o?
17 Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia: Esi 2008 ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia le aƒe tum la, mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nade ŋugble tso amenuveve si Yehowa ɖe fia mí la ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Míele kuku ɖem na mi vevie hã be, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la, evɔ ada taɖodzinu si le eŋu ya ƒu o.” (2 Kor. 6:1) Aleke míeɖenɛ fiana be míedaa taɖodzinu si le Mawu ƒe amenuveve ŋu la ƒu o? Paulo ŋlɔ bena: “Míeɖea mía ɖokui fiana le mɔ sia mɔ nu be míenye Mawu ƒe subɔlawo.” (2 Kor. 6:4) Eya ta míeɖea míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nunana ŋu fiana to míaƒe agbenɔnɔ kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzonɔamemetɔe dzi. Mɔnukpɔkpɔ nyuiwo asu mía si le Ŋkuɖodziɖuɣi sia me bene míadzi míaƒe dɔwo ɖe edzi ahaɖe gbeƒã nya nyuia bliboe.
[Aɖaka si le axa 3]
Ame Kawo Hãe Ate Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa?
◼ Ƒomewo
◼ Ame siwo dea dɔ me ɣeyiɣiawo katã
◼ Ame tsitsiwo kple dɔnɔwo
◼ Sukuviwo
[Aɖaka si le axa 4]
Ne Míele Ŋkuɖodzia Ƒe Amekpegbalẽviwo Mam:
◼ Wò nyawo nenɔ kpuie; ƒo nu dzonɔamemetɔe
◼ Wɔ nuŋlɔɖi ku ɖe ɖetsɔleme siwo woɖe fia ŋu eye nàtrɔ ayi
◼ Na magazinewo le kwasiɖanuwuwuwo