INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/02 axa 1
  • Wokpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu Vevie!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wokpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu Vevie!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Video si Ŋu Wòhiã Vevie be Woade Ŋugble Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Video Si Nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Ame Siwo Nàdze Xɔlɔ̃e La Tiatia Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 4/02 axa 1

Wokpɔ Ŋudzedze Ðe Eŋu Vevie!

1 Kristotɔwo ƒe ƒomewo le afisiafi ɖe alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe video si nye Young People Ask—How Can I Make Real Friends? ŋu vevie gblɔ. Vifofo aɖe si le United States gblɔ be esi yewokpɔe vɔ la, ye vi ŋutsuviawo ƒe nu ku—wose videoa me nya sia nya gɔme eye ewɔ dɔ ɖe wo dzi! Nyatakaka aɖe si tso Malawi gblɔ be ewɔ dɔ ɖe ɖekakpui kple ɖetugbi siwo le afima hã dzi elabena wodoa go wo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu siawo tɔgbe le suku. Vifofo aɖe si le Germany gblɔ le videoa ŋu be: “Mekpɔe be ŋuɖoɖoe wònye na nye gbedodoɖawo.” Sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Akpe na mi be mieɖo ŋku edzi nam be Yehowa tsɔa ɖe le eme nam.” Hamemegã aɖe si le New Zealand ka nya ta be: “Ekpe ɖe míaƒe ƒewuiviawo dometɔ ɖeka ŋu wògbugbɔ va agbemɔa dzi.” Nyɔnu tsitsi srɔ̃tɔ aɖe kpɔe hegblɔ be: “Aleke gbegbe madi be sɔhɛ ɖesiaɖe si le nyateƒea me nakpɔ video sia eye wòaʋãe wòawɔ nyateƒea etɔe nye esi!” Ƒomewo, manyo be miakpɔe ake oa? Ne miekpɔe vɔ la, midzro biabia siwo gbɔna me ɖekae.

2 Ŋgɔdonya: Amekae nye xɔlɔ̃ vavã?—Lod. 18:24.

3 Nusiwo Xea Mɔ na Xɔlɔ̃dzedze: Aleke nàwɔ aɖu akogotsitsi ƒe seselelãme dzi? (Fil. 2:4) Nukatae wòle be nàlɔ̃ atrɔ asi le wò amenyenye ŋu wòanyo ɖe edzi wu, eye amekae akpe ɖe ŋuwò nàwɔe nenema? Nukae ana mɔnukpɔkpɔ nasu asiwò be nàdze xɔlɔ̃ geɖe wu, eye afikae nàkpɔ wo le?—Kor. II, 6:13.

4 Xɔlɔ̃dzedze Mawu: Aleke nàwɔ atu ƒomedodo ɖo kple Yehowa, eye nukata viɖe le eŋu? (Ps. 34:9) Amekae ate ŋu ado ŋusẽ mia kple Mawu dome ƒomedodo wu?

5 Xɔlɔ̃ Siwo Menyo O: Amekawoe nye zɔhɛ gbegblẽwo? (Kor. I, 15:33) Aleke xɔlɔ̃ gbegblẽwo ate ŋu akplɔ ame ade gbɔgbɔmefɔku mee? Nukae Dina ƒe ŋutinya si le Biblia me fia wò?—Mose I, 34:1, 2, 7, 19.

6 Egbegbe Kpɔɖeŋu Aɖe: Aleke akogotsitsi gblẽ nu le Tara ŋui? Aleke wòʋli eɖokui tae be enyo be yeazɔ kple sɔhɛ siwo nye xexeametɔwo? Afɔku kawo mee wokplɔe dee? Nukata edzilawo mekpɔ afɔku si me wònɔ la dze sii o, gake aleke wokpe ɖe eŋu wògaɖo tenɔnɔ nyui me le gbɔgbɔ me? Aleke nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã na Tara? Nukatae wòle be Kristotɔwo nawɔ ɖe Lododowo 13:20 kple Yeremya 17:9 me nyawo dzi? Nu vevi kae Tara srɔ̃ tso nusiwo dzɔ la me?

7 Etaƒoƒo: Nukawoe nèsrɔ̃ tso video sia me? Aleke nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?—Ps. 71:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe