INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/02 axa 3-4
  • ‘Nye Kesinɔtɔ le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Nye Kesinɔtɔ le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ðe Gbeƒã Mawu ƒe Nya la Bliboe”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nye Veviedola le Nu Nyui Wɔwɔ Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • ‘Ði Ðase Tso Nya Nyui La Ŋu Tsitotsito’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • ‘Miwɔ Nyui na Amesiame’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 3/02 axa 3-4

‘Nye Kesinɔtɔ le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’

1 Le apostolo Paulo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe ƒe ƒe mamlɛawo me la, ewɔ dɔ kplikplikpli kple Timoteo kpakple Tito. Eŋlɔ dzideƒonamenya siwo ɖi wo nɔewo ɖo ɖe wo ame evea. Egblɔ na Tito be ele be “amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔ dzi.” (Tito 3:8) Egblɔ na Timoteo be ele be amesiwo da woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Mawu dzi la, ‘nanye kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Tim. I, 6:17, 18) Esia nye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe ŋutɔ na mí katã! Gake nukae aʋa mí be míawɔ dɔ nyuiwo le míaƒe agbe me? Eye dɔ gobii kawoe wòle be míawɔ le ŋkeke siwo gbɔna me?

2 Nusiwo ʋãa mí be míanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me la tsoa dzixɔse kple lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kpakple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si wòna mí me. (Tim. I, 6:19; Tito 2:11) Le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia koŋ me la, woɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa dɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi bene Yesu nate ŋu akɔ Fofoa ŋu ahafia agbemɔa amegbetɔ siwo katã dze la. (Mat. 20:28; Yoh. 3:16) Woakɔ nya sia me nyuie le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi le March 28 lia dzi. Le nuwɔwɔ ɖe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si nu la, ɖe meʋãa mí be míawɔ nusianu si míate ŋui be míanye ‘kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me’ oa? Ðikeke mele eme o be eʋãa mí! Dɔ kawoe míawɔ fifia?

3 Dɔ Nyui Siwo Míawɔ le March me Kple Emegbe: Godoo la, míayi Ŋkuɖodzia—si nye wɔna vevitɔ kekeake le ƒea me na Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo. (Luka 22:19) Gake míedi be ame agbɔsɔsɔme sinu ate ŋui la nava se vivi le wɔna sia me kpli mí. Kpɔ subɔsubɔdɔa ƒe akɔntabubu si le 2002 Yearbook me eye àkpɔe be le anyigba geɖe dzi le xexeame godoo la, Ŋkuɖodzia valawo sɔ gbɔ wu gbeƒãɖelawo zi gbɔ zi etɔ̃, ene, atɔ̃, alo esi wu nenema le ƒe si va yi me. Ðikeke mele eme o be ebia agbagbadzedze kple kutrikuku tso hamea me tɔ ɖesiaɖe si be míama Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽviwo wòaɖo amesiame gbɔ le míaƒe anyigbamamaa me. Eyata míedi be míazã ɣeyiɣi geɖe alesi míate ŋui tso fifia va ɖo March 28 lia dzi atsɔ akpe amewo be woava Ŋkuɖodzia eye míakpe ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ nu tso xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.

4 Kaka April naɖo la, yame ƒe nɔnɔme ade ame dzi wu. Aleke míate ŋu awɔ nɔnɔme deamedzi sia ŋudɔ wòaɖe vi wu bene míazu “kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me”? To gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me dzonɔamemetɔe me, ‘ahado vevie le dɔ nyui wɔwɔ me.’ (Tito 2:14; Mat. 24:14) Ne màte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March me o la, ɖe nàte ŋu awɔe le April kple/alo May mea? Ne èle mɔɖeɖedɔa wɔm le March me la, ɖe nàte ŋu ayi edzia?

5 Ame aɖewo siwo dea dɔme kpɔe be yewoate ŋu azã gaƒoƒo ɖeka alo esi wu nenema atsɔ aɖe gbeƒã ne woyina dɔme, ahawɔ ablɔdziɖaseɖiɖi alo ate ɖe amesiwo dzea dɔ gɔme kaba le ŋdi me ŋu. Ame bubuwo zãa woƒe ŋdɔ nuɖuɣi ƒe akpa aɖe tsɔ ɖia ɖase. Ame aɖewo kpɔe be ele bɔbɔe be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple dɔwɔhatiwo le ɣeyiɣi mawo dzi. Nɔvinyɔnu geɖe siwo nye aƒedzikpɔlawo te ŋu ɖo ɣeyiɣi ɖi na gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ esime wo viwo dzo yi suku. Wofɔna kaba vie le ŋkeke aɖewo dzi wɔa woƒe aƒemedɔwo, si wɔnɛ be wokpɔa ɣeyiɣi geɖe le ŋkekea me tsɔ wɔa gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔae.—Ef. 5:15, 16.

6 Ne manya wɔ be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ àte ŋu awɔ wò ŋutɔ wò ɖoɖo be nàte ŋu awɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me, ahawɔ nusianu si nàte ŋui ‘be nàwɔ dɔmenyo, eye nànye kesinɔtɔ le dɔ nyui wɔwɔ me, alɔ̃ nunana ame, ahalɔ̃ be yeagblɔ nyateƒea’ na amewo.—Tim. I, 6:18.

7 Wò Ŋku Nenɔ Nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe Dɔ Nyuia Dzi: Ðetsɔlemetɔwo vaa Ŋkuɖodzia ɖuƒe ƒe sia ƒe. Ðe wòanya wɔ be hamea me tɔ aɖewo nalé ŋku ɖe amesiwo ava evɔ womele nu srɔ̃m kpli wo haɖe o la ŋu ate ɖe wo ŋua? Ðe woate ŋu atrɔ ayi aɖasrã wo kpɔ bene woakpe ɖe wo ŋu woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyia? Ðewohĩ Ŋkuɖodzia vala siawo dometɔ aɖewo nye Ðasefowo ƒe ƒometɔwo. Bubuwo hã anye amesiwo srɔ̃ nu kpɔ eye dzideƒoname sue aɖe koe wohiã bene woagadze nusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede gɔme ake. Dzidzɔ ka gbegbe wòanye na mí be míakpɔ wo woava zu Yehowa subɔla veviedonulawo kpli mí enye esi!

8 Ne míedzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le March me kple emegbe la, anɔ bɔbɔe ŋutɔ be míake ɖe ɖetsɔlemetɔ geɖe siwo gbɔ míatrɔ ayi la ŋu. Dze agbagba nàgblẽ biabia aɖe ɖe wo gbɔ. Eye gblɔ na wo be yeava ɖo eŋu na wo ne yetrɔ va. Ne míewɔ esia la, mɔa aʋu ɖi be míagatrɔ ayi. Ne míetrɔ yi kaba la, anyo wu. Ne míete ŋu dze nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ me o hã la, míadi be míadze agbagba ɖesiaɖe adze egɔme ne míetrɔ yi zi evelia ne anya wɔ.

9 Ne míele ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔm la, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe dzeɖoɖo gɔmedzedze kple amewo ŋu. Ðetsɔlemetɔ geɖe siwo gbeƒãɖela geɖe do goe le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa me la na woƒe ŋkɔwo, adrɛs, kple telefon xexlẽdzesiwo. Ne amesi nèdo goe mele miaƒe anyigbamama me o la, xɔ “Please Follow Up” (S-43) ƒe agbalẽvia le miaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me, kpee ɖo, eye nàtsɔe na miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla, ne wòaɖoe ɖe hame si ƒe anyigbamama me amea le. Ne agbalẽŋlɔlaa menya hame si wòaɖoe ɖo o la, aɖoe ɖe alɔdzedɔwɔƒea hena dɔwɔwɔ le eŋu. To mɔ sia nu la, woate ŋu atu ɖetsɔleme si wòɖe fia ɖo.

10 Ne telefon xexlẽdzesie nèxɔ eye menye adrɛs o la, ekema wɔ tɔtrɔyi to kaƒoƒo na amea me. Dzra ɖo ɖe nusi me nèdi be yeadzro kplii ŋu do ŋgɔ. Na wò Reasoning-gbalẽa nanɔ asitsɔƒe ne wòva hiã be nàzãe. Ame aɖewo le dzidzedze nyui kpɔm le nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple amewo le telefon dzi me, tsɔ kpe ɖe amesiwo wòsesẽ be woado go le aƒeme ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe dze telefon xexlẽdzesiwo xɔxɔ le nyɔnu ɖetsɔlemetɔ siwo wòdo goe le tso aƒeme yi aƒeme ƒe subɔsubɔdɔa me la si, eye nusi do tso emee nye be ete ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃ eve wɔwɔ gɔme.

11 Wɔ Nu Aduadu Kple Hamemegãwo le Kpekpeɖeŋunana Amesiwo Gbɔdzɔ Me: Hamemegãwo tsɔ ɖe le kpekpeɖeŋunana amesiwo gbɔdzɔ me lɔlɔ̃tɔe vevie ŋutɔ. Amesiawo dometɔ geɖe gadze hame ƒe kpekpewo dede gɔme ake le wo ɖokui si xoxo. Wokpɔ alesi wòhiã be woanɔ kadodo kplikplikpli me kple Yehowa ƒe habɔbɔa bene woakpɔ gbɔgbɔmededienɔnɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Psalm 91 lia me. Amesiawo dometɔ aɖewo le klalo be yewoagakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ake. Ne ame bubu siwo gbɔdzɔ va Ŋkuɖodzia ɣleti sia la, ɖewohĩ adzɔ dzi na wo be woagawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo. Ne edzɔ nenema la, hamemegãwo awɔ ɖoɖo be ame aɖewo nasrɔ̃ nu kple amesiwo di be woana kpekpeɖeŋu yewo. Ne wokpe wò be nàna kpekpeɖeŋu le mɔ sia nu la, woakpɔ ŋudzedze ɖe wò nuwɔwɔ aduadu kpli wo ŋu vevie.—Rom. 15:1, 2.

12 Yi Edzi ‘Nàlé Dɔ Nyui Wɔwɔ Me Ðe Asi’: Ame geɖe siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣleti ɖeka alo esi wu nenema kpɔe be yewoƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa dzi ɖe edzi le ɣleti siwo kplɔe ɖo me. Woke ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo wokpɔ be ahiã be yewoagatrɔ ayi wo gbɔe la ŋu. Esia ʋã wo be wogawɔ geɖe wu heyi gbeadzi edziedzi bene woagatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ siwo wokpɔ la gbɔ ake. Ame aɖewo dze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme, eye ema kpe ɖe wo ŋu be wokpɔ gome le subɔsubɔdɔa me geɖe wu.

13 Ame bubuwo hã se vivi le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me ale gbegbe be eʋã wo be woagbugbɔ ŋku alé ɖe nusiwo woƒe taɖodzinuwo nye la ŋu ake. Ewɔwɔ alea na ame aɖewo ɖe woƒe ŋutilãmedɔwɔɣi dzi kpɔtɔ heva zu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo tsia ɖe enu. Ame bubuwo te ŋu ƒo wo ɖokui ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me. Wote ŋu da woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Mawu dzi bliboe wu, ke menye ɖe nusiwo woate ŋu akpɔ tso xexeame gbɔ la dzi o. Wokpɔe be ‘dɔmenyowɔwɔ kple lɔlɔ̃ be woana nu ame’ he yayra geɖe tso Yehowa gbɔ vɛ na yewo eye wòdo ŋusẽ mɔkpɔkpɔ si le wo si be woƒe asi asu “agbe vavã la dzi.” (Tim. I, 6:18, 19) Le nyateƒe me la, ne ame geɖe ƒo wo ɖokui ɖe mɔɖeɖedɔa me la, eɖea vi na hame bliboa. Mɔɖelawo dina be yewoagblɔ yewoƒe nuteƒekpɔkpɔwo eye wokpea ame bubuwo be woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me kpli yewo, eye esia tua gbɔgbɔmemenyenye ɖo le hamea me.

14 Neva eme be mí katã míanye ‘kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me’ le Ŋkuɖodziɖuɣi sia, kple emegbe, to míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi me. Mina míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nusi Yehowa wɔ na mí ŋu, esi wòtsɔ agbe tegbee nɔnɔ le anyigba yeye si dzi dzɔdzɔenyenye anɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖo anyi na mí.—Pet. II, 3:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe