INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/02 axa 3
  • Dzideƒoname Wɔna Tɔxɛ Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzideƒoname Wɔna Tɔxɛ Aɖe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miyi Edzi Mianɔ Dzi Dem Ƒo Na Mia Nɔewo Gbe Sia Gbe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Kɔkɔewo Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • “Ƒo Dukɔ La Nu Ƒu”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Takpekpewo—Wonye Dzidzɔkpɔɣiwo!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 11/02 axa 3

Dzideƒoname Wɔna Tɔxɛ Aɖe

1 Ŋkeke aɖeke meva yina si Yehowa ƒe amewo medzea ŋgɔ woƒe xɔse ƒe dodokpɔ o. Esi Abosam nya be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye ta la, ele agbagba ɖesiaɖe dzem be yeagblẽ míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me. (Nyaɖ. 12:12) Ele vevie be ‘míanɔ ŋusẽdodo xɔm le Aƒetɔ la kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete me’ ale be ‘míate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne míewu nusianu nu la, míakpɔ tsitrenɔnɔ.’—Ef. 6:10, 13.

2 Ƒuƒoƒo kple haxɔsetɔwo nye ɖoɖo tso Yehowa gbɔ hena ŋusẽ dodo mí. Apostolo Paulo nya esia ƒe vevienyenye. Edzronɛ vevie be yeaƒo ƒu kple nɔvia Kristotɔwo ale be woate ŋu ‘ade dzi ƒo na wo nɔewo’ be ‘wòado ŋusẽ wo.’ (Rom. 1:11, 12) Be ŋusẽ nanɔ mía ŋu hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ la, Dziɖuha la wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si míaxɔ dzideƒoname tso mía nɔewo gbɔ le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe si gbɔna me.

3 Yi be Wòaɖe Vi na Wò: Ðoe kplikpaa be yeade ŋkeke etɔ̃awo katã. ‘Aɖe vi na mí’ ne míele teƒea hafi wodzi ha gbãtɔ eye míenɔ anyi vaseɖe esime míagblɔ “Amen” tso dzi me ɖe gbedodoɖa si woatsɔ akpãe dzi. (Yes. 48:17, 18) Ahiã be ame geɖe nawɔ ɖoɖo ɖe woƒe dɔwo ŋu do ŋgɔ ale be woakpɔ ɣeyiɣi ade ŋkeke etɔ̃awo katã. Ele eme be mɔɖeɖe xɔxɔ tso wò dɔtɔ gbɔ manɔ bɔbɔe o ya, gake Yehowa na kakaɖedzi mí be yeakpe ɖe mía ŋu be míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. (Yoh. I, 5:14, 15) Ne míewɔe haɖe o la, fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míawɔ ɖoɖo koŋ ɖe ʋu kple dzeƒe ŋuti, mele be míasusu be nusianu ayi edzi nyuie ɖoɖo aɖeke mawɔmawɔ o. Kakaɖedzi nenɔ mía si be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo míadze be mí katã míayi ŋkeke etɔ̃awo katã la dzi.—Lod. 10:22.

4 Kpɔ Mɔ na Dzideƒoname: Ènɔ dzodzom le nutome gã takpekpe aɖe me hegblɔ kpɔ be: “Takpekpe sia ƒo ɖesiaɖe taa!” Anye nukatae nèse le ɖokuiwò nenema? Nusitae nye be esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, ŋusẽ ate ŋu anɔ vɔvɔm le mía ŋu vivivi, eye míakpɔe be míehiã gbɔgbɔmedzideƒo. (Yes. 40:30) Nɔvinyɔnu aɖe ɖe nyaa me ale: “Nuɖoanyi sia wɔnɛ be ŋusẽ vɔna le ŋunye, eye takpekpewo ganaa nye susu trɔna vaa gbɔgbɔmenuwo dzi, henaa gbɔgbɔmeŋusẽ si mehiã la sua asinye. Ðeko wòwɔna abe ɣeyiɣi si tututu mehiã dzideƒonamea wue wòvana ene.” Ðewohĩ wò hã èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ.

5 Menye nuƒowo kple gbebiamewo me koe míexɔa dzideƒoname si míehiã la le o ke to míaƒe takpekpea me wɔna tuameɖo bubuwo hã me. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Alesi woatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe si me woɖena nyuie lae dzɔa dzi nam vevie. Dramawo hã nye wɔna vevi aɖe si fiaa viɖe siwo míate ŋu akpɔ tso nusiwo dzɔ va yi ƒe kpɔɖeŋu nyui kple vɔ̃awo siaa me mí. Agbalẽ yeye siwo woɖena ɖe go nye nusiwo mekpɔa mɔ na ɣesiaɣi, eye wo xexlẽ vivia nunye ne menya ɖo aƒeme ko.”

6 Takpekpewo nye mɔnuɖoɖo veviwo tso Yehowa gbɔ le ‘ɣeyiɣi sesẽ’ siawo me. (Tim. II, 3:1) Wokpena ɖe mía ŋu míewɔa nuxlɔ̃amenya sia si tso gbɔgbɔ me dzi, be: “Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwɔ ŋutsu, eye misẽ ŋu!” (Kor. I, 16:13) Eyata mina míaɖoe kplikpaa ade ŋkekeawo katã ahaxɔ dzidedeƒoname geɖe tso mía nɔewo gbɔ le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpea me!

[Aɖaka si le axa 3]

Wɔ Ðoɖo Nàde Ŋkeke Etɔ̃awo Katã

■ Bia mɔ le dɔme.

■ Wɔ ɖoɖo wò ƒome BLIBOA nade.

■ Wɔ ɖoɖo ɖe ʋu si miaɖo ayi takpekpea ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe