INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/14 axa 2-3
  • “Ƒo Dukɔ La Nu Ƒu”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ƒo Dukɔ La Nu Ƒu”
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Míaƒe Nutome Gã Takpekpewo Nyea Ðaseɖiɖi Sẽŋu Tso Nyateƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
km 4/14 axa 2-3

“Ƒo Dukɔ La Nu Ƒu”

1. Aleke míaƒe nutome gã kple dukɔwo dome takpekpewo sɔ kple takpekpe ɖedzesi aɖe si Israel viwo wɔ?

1 Esi Israel viwo ʋu tso Egipte megbe kpuie la, Yehowa gblɔ na Mose be ‘wòaƒo dukɔ la nu ƒu’ ɖe Sinai-toa gbɔ, ne woase Yeƒe nyawo ale be woanya ale si woavɔ̃ ye, eye woafia yeƒe mɔwo wo viwo. (5 Mose 4:10-13) Aleke gbegbe takpekpe ma ado ŋusẽ woƒe xɔse ahatsi susu me na woe nye esi! Le ɣleti ʋɛ siwo gbɔna me la, Yehowa ƒe amewo aƒo ƒu hena nutome gã kple dukɔwo dome takpekpewo be Yehowa nafia nu wo. Nu kae míawɔ be takpekpea naɖe vi na mí bliboe?

2. Nu kawoe míawɔ atsɔ ‘adzra ɖo’ ɖe takpekpea ŋu?

2 ‘Dzra Ðo’: Yehowa de se na Israel viwo be “woadzra wo ɖokui ɖo” ɖe takpekpe ɖedzesi si woawɔ le Sinai-toa gbɔ la ŋu. (2 Mose 19:10, 11) Nenema kee wòle be mí katã míadzra ɖo ɖe takpekpe si gbɔna ŋu, ke menye ame siwo wode dɔ asi na la ko o. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be mía dometɔ geɖe míabia mɔ le dɔme. Ðewohĩ wò nɔnɔmea sɔ kple Nexemiya tɔ. Fia Artaxsasta ƒe ahakulae Nexemiya nye, gake edi be yeayi aɖakpe asi ɖe Yerusalem gliawo ɖoɖo ŋu. Enyae be ɖewohĩ fia la maɖe mɔ na ye o. Eya ta edo gbe ɖa, eye wòtsɔ eƒe biabia, si ŋu wòtrɔ asi le nyuie be wòadze to, la ɖo fia la ŋkume. Fia la ɖe mɔ nɛ be wòayi, eye wòdo alɔ gliɖoɖodɔa gɔ̃ hã! (Neh. 2:1-9) Hekpe ɖe mɔbiabia le wò dɔtɔ gbɔ ŋu la, ɖe nèwɔ ɖoɖo ɖe wò mɔzɔzɔ kple dzeƒe hã ŋu xoxoa? Hamemetsitsiwo le klalo be yewoana kpekpeɖeŋu si hiã la wò. Wɔ ɖoɖo be nànɔ takpekpewɔƒea do ŋgɔ hafi takpekpea ƒe akpa ɖe sia ɖe nadze egɔme, eye nànɔ dzadzraɖoɖi be ‘nàlé to ɖe nu siwo nàse la ŋu geɖe wu.’​—Heb. 2:1.

3. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míadzra míaƒe dzi ɖo ɖe takpekpea ŋu?

3 Dzadzraɖo ƒe akpa vevi aɖe hãe nye be míadzra míaƒe dzi ɖo ale be míase Yehowa ƒe nyawo. (Ezra 7:10) Míada takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia ɖe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org eye nuƒoawo katã ƒe tanyawo anɔ edzi. Mawunyakpukpui vevi ɖeka alo eve akpe ɖe tanya ɖe sia ɖe ŋu. Anyo be míadzro wo me le míaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na takpekpe si míaƒe hamea ade me. Gbeƒãɖela aɖewo taa ɖoɖowɔɖia le Internet dzi hewɔa nuŋlɔɖi kpuiwo ɖe edzi le takpekpea.

4. Aleke dzilawo ate ŋu awɔ takpekpea ŋu dɔ atsɔ afia nu wo viwo?

4 ‘Fia Nu Viwòwo’: Wogblɔ na Israel viwo be taɖodzinu si le takpekpe si wowɔ le Sinai-toa gbɔ ŋu dometɔ ɖekae nye be, dzilawo ‘nafia nu wo viwo.’ (5 Mose 4:10) Míaƒe takpekpewo hã naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe sua dzilawo si be woawɔ esia. Ele be dzilawo nana wo viwo nanɔ anyi ɖe wo gbɔ le takpekpea katã me eye woakpɔ egbɔ be wole to ɖom. Ƒomewo ate ŋu adzro nya siwo wose me le fiẽ me ne woɖo aƒe me, kple emegbe le woƒe ƒometadedeagu me.

5. Aleke takpekpe si gbɔna la dede aɖe vi na míi?

5 Takpekpe ɖedzesi si Israel viwo wɔ le Sinai-toa gbɔ kpe ɖe wo ŋu wode asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si su wo si be woanye Mawu ƒe dukɔ la ŋu. (5 Mose 4:7, 8) Wotrɔ asi le takpekpe si gbɔna ŋu be wòakpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke. Le takpekpewɔɣia la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míadzo le Satana ƒe xexea ƒe kuɖiɖinyigba si ƒu kplakplakpla la dzi ahase vivi le gbɔgbɔmeparadiso si me míekpɔa dzidzeme kple hadede tuameɖowo le la me. (Yes. 35:7-9) Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum kabakaba ta la, migana mɔnukpɔkpɔ sia si su mía si be míaƒo ƒu ɖekae ade dzi ƒo na mía nɔewo la nato mía ŋu o!​—Heb. 10:24, 25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe