‘Miti Nyuiwɔwɔ Yome Ɣesiaɣi’
1 Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ bia be ‘woati nyuiwɔwɔ na amewo katã yome ɣesiaɣi.’ (Tes. I, 5:15) Le míaƒe nutome gã takpekpewo deɣi la, mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si be míawɔ nyui na amewo le mɔ vovovowo nu. Le ɣeyiɣi mawo me la, amewo ƒe ŋku nɔa mía ŋu, eye alesi míawɔ nui ɖe amesiwo katã míado goe ŋu ana nukpɔsusu aɖewo nanɔ wo si ɖe mía ŋu. Be míana ŋkɔ nyui si le mí Yehowa Ðasefowo ŋu nakpɔtɔ aɖe dzesi la, ele be míato míaƒe nuwɔnawo me aɖee afia be ‘míedea bubu amewo katã ŋu.’ (Pet. I, 2:17) Ema bia hã be ‘míagakpɔ nusi nye mía ŋutɔwo tɔ ɖeɖeko dzi o, ke boŋ míakpɔ nusi nye ame bubu tɔ hã dzi.’ (Fil. 2:4) De ŋugble le mɔ siwo nu míate ŋu awɔ nu alea le teƒe siwo míadze le takpekpea wɔɣi la ŋu kpɔ.
2 Mieɖo miaƒe xɔbiagbalẽvi ɖa xoxoa? (1) Mègana woagblẽ xɔ ɖi na wò eye nàgbe afima nɔnɔ le esi nèkpɔ dzeƒe bubu si nyo wu ta o. (2) Mègakpɔ mɔ be xɔdidɔwɔƒea ate ŋu akpɔ xɔ na wò ne mèɖo xɔbiagbalẽvi ɖa xoxo do ŋgɔ o. (3) Ne èva dze amedzrodzeƒe la, ɖe dzigbɔgbɔɖi kple ameŋububu fia amedzrodzeƒedɔwɔla ne wole wò hiahiãwo gbɔ kpɔm. (4) Ne wonaa ŋdi nuɖuɖu la, mègatsɔ nuwo sɔ gbɔ wu alesi dze o, elabena amesiwo dze teƒea koe wowɔ ɖoɖo sia na. (5) Wɔ ɖe se kple ɖoɖo siwo katã ku ɖe dzeƒea zazã ŋu la dzi. (6) Na nunana amedzrodzeƒea ƒe xɔmedzraɖolawo ne wole mɔ kpɔm be nàwɔ esia.
3 Nyuiwɔwɔ Fiafia Ðeviwo: Wode dzesii le takpekpe aɖewo siwo míewɔ va yi me be woɖea asi le ɖevi aɖewo ŋu wonɔa tsatsam evɔ ame tsitsi aɖeke menɔa wo ŋu o esime takpekpea nɔ edzi yim, eye woɖea asi le wo ŋu faa le dzeƒeawo hã. (Lod. 29:15) Le takpekpeawo me míekpɔnɛ be woɖoa aba na ɖevi aɖewo wodɔa alɔ̃ alo wonɔa fefem, alo wonɔa tsatsam le takpekpewɔƒea. Ðevi bubu aɖewo, siwo dome ame tsitsi aɖewo hã le, nɔa ice cream dzralawo gbɔ yim kabakaba va nɔa numeɖenuwo ƒlem abe ke ɖe kplɔ̃ɖoƒe aɖe koe takpekpea nye ene. Ðevi aɖewo nɔa nugbenugbe wɔm le dzeƒeawo hã, henɔa toɣli ɖem amesiwo nye Ðasefowo kple amesi menye Ðasefowo o siaa.
4 Dzilawo, ade mia dzi ne miedi ɣeyiɣi aɖe dzro Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ si ƒomevi wodi tso ɖeviwo si le teƒe ɖesiaɖe kple le ɣeyiɣi ɖesiaɖe la me kple mia viwo do ŋgɔ na takpekpea. (Ef. 6:4) Le kpɔɖeŋu me, mina woanya be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ “mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o.” (Kor. I, 13:5) Ame tsitsiawo ate ŋu ana ŋusẽ nanɔ nya siawo ŋu ne woa ŋutɔwo ɖo kpɔɖeŋu nyui wo katã wokpɔ. Ðeviwo, miate ŋu ati nyuiwɔwɔ yome to toɖoɖo mia dzilawo, beléle na amewo ƒe nuwo, kple bubudede amesiwo ƒo xlã mi ŋu me. (Kol. 3:20) Ne mí katã míedze agbagba be míawɔ nyui na amewo katã la, “[míaɖo] atsyɔ̃ na Mawu, mía xɔla ƒe nufiafia la le nuwo katã me.”—Tito 2:10.
5 Zi geɖe la menye amesiwo kpɔa mí ko dzie míaƒe agbe nyui nɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖo o, ke ekpɔnɛ ɖe amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu le susu vovovowo ta la hã dzi. Nusianu si míawɔ le takpekpea kple takpeduwo katã me—eɖanye afɔ zɔmee míele le mɔdodo dzi o, nu ɖumee míele le nuɖuɖudzraƒe o, ɖiɖim ɖe emee míele le míaƒe dzeƒea o, alo mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ wɔmee míele be míaɖi vomeɖase o—ele be míaƒe Kristotɔwo ƒe nuƒo kple agbenɔnɔ naɖo kpe edzi be míedi be míati nyuiwɔwɔ yome.
[Aɖaka si le axa 4]
Taflatse Ðo Ŋku Edzi:
■ Nàgbɔ dzi ɖi ahade bubu xɔtɔwo ŋu.
■ Nàwɔ ɖe ɖoɖo siwo ku ɖe dzeƒea zazã ŋu dzi, wòaɖe vi na amesiame.
■ Be màgblẽ nuɖuɖu si wonana le amedzrodzeƒe dome o.
■ Be wò ŋku nanɔ nusiwo wɔm viwòwo le ŋu nyuie.