Nye Kpɔɖeŋuɖola le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me
1. Nukata wòle be míanɔ ŋudzɔ vevietɔ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu le nutome gã takpekpea me?
1 Ne míekpe ta le agbɔsɔsɔ gã me le nutome gã takpekpewo me la, eteƒekpɔlawo léa ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui la ŋu. Eyata ahiã be mía dometɔ ɖesiaɖe nado vevie awɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: ‘Ðu ɖokuiwò dzi nyuie. Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le dɔ nyui wɔwɔwo me.’ (Tito 2:6, 7) Ahiã be míadze agbagba etɔxɛ be ‘míagakpɔ nusi nye mía ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi.’ (Fil. 2:4) Mina míalé ŋku ɖe afisiwo míate ŋu awɔ ɖe dzideƒonamenya siawo dzi le le míaƒe “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã kple Dukɔwo Dome Takpekpe siwo gbɔna me.
2. Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele xɔ dim?
2 Xɔdidi ƒe Ðoɖowo: Mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ si asu mía si be míaɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ afiae nye ne míele xɔ dim. Taflatse wɔ ɖoɖo ɖe xɔ si nèdi be yeazã ko ŋu. Mègakpɔ mɔ be xɔdidɔwɔƒea akpɔ dzeƒe na wò ne mèkpe xɔbiagbalẽvi ɖo do ŋgɔ o. Anyo be míaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo afia le xɔawo xɔɣi kple asiɖeɖe le wo ŋu ƒe ɣeyiɣi siwo me amesiame nɔa kplakplakpla dzi la me. (Gal. 5: 22, 23) Míele kuku ɖem be miawɔ ɖe se kple ɖoɖo siwo katã ku ɖe miaƒe dzeƒea nɔnɔ ŋu la dzi pɛpɛpɛ.
3. Aleke míate ŋu ‘awɔ nu nyui na amesiame’ le amedzrodzeƒewoe?
3 Ele be míaƒe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo nadze le alesi míawɔ nui le ɖoɖo si wowɔ ɖe ŋdinuɖuɖu si wonana le amedzrodzeƒewo femaxee la ŋu me. Masɔ be woatsɔ nuɖuɖu si wona amedzro siwo dze amedzrodzeƒea ayi takpekpewɔƒea o. Adzɔ dzi na amedzrodzeƒedzikpɔlawo ne míewɔ ɖe woƒe sewo dzi heɖe ameŋububu fia dɔwɔla siwo le afima to akpedanunana aɖe si míana dzi. Esia wɔwɔ ana “míawɔ nu nyui na amesiame” eye wòanye ɖaseɖiɖi nyui na ame bubuwo.—Gal. 6:10.
4, 5. Aleke ɖeviwo ate ŋu anye kafukafu na Yehowae, eye agbanɔamedzi kawoe le dzilawo dzi?
4 Dzilawo Kple Wo Viwo: Mía viwo ɖea dzesi le xexe si me sɔhɛ mabuamewo sɔ gbɔ ɖo me, eye esia hea kafukafu vɛ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa. Gake ɣeaɖewoɣi la, kuxiwo doa mo ɖa ne ŋku mele ɖeviwo ŋu nyuie o. (Lod. 29:15) Mele be dzilawo naɖe asi le wo viwo ŋu ŋkumalémalé ɖe wo ŋui le dzeƒea kpakple le tsileƒe, alo le takpekpewɔƒea o.
5 Do ŋgɔ na takpekpea la, dzila aɖewo kpɔe be anyo be yewoadzro agbenɔnɔ si ƒomevi wòle be wo viwo naɖe afia la me kpli wo. (Ef. 6:4) Wokpena ɖe wo viwo ŋu wosea egɔme be Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ “mewɔa nusi medze o” alo ‘dia ye ŋutɔ tɔ o.’ (Kor. I, 13:5) Takpekpea nye ɣeyiɣi si woɖo ɖi be Yehowa nafia nu mí, eye ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu ade bubu ɖoɖo sia ŋu ne wonɔ agbe nyui le takpekpea wɔƒe kple le afisiafi.—Yes. 54:13.
6. Ŋusẽ kae míaƒe agbenyuinɔnɔ ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi?
6 Míaƒe agbenyuinɔnɔ ate ŋu aɖe nukpɔsusu masɔmasɔ siwo le amewo si ɖe mía ŋu ɖa eye wòahe amewo va tadedeagu vavãtɔ me. (Mat. 5:16; Pet. I, 2:12) Neva eme be amesiwo katã míado goe le takpekpea me nakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le mía ŋu to míaƒe agbenɔnɔ kple alesi míawɔ nu ɖe wo ŋui me. Esia wɔwɔ ana ‘míatsɔ mía ɖokui aɖo kpɔɖeŋu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me’ eye wòahe kafukafu vɛ na Yehowa.—Tito 2:7.
[Aɖaka si le axa 4]
Ðe Ameŋububu Fia
▪ Wɔ ɖoɖo ɖe amedzrodzeƒexɔ si nèdi be yeazã ko ŋu
▪ Gbɔ dzi ɖi le xɔawo xɔɣi kple ɣeyiɣi si nèle asi ɖem le wo ŋu
▪ Mègagblẽ ŋdinuɖuɖu si wonana la dome o
▪ Lé ŋku ɖe viwòwo ŋu nyuie
▪ Gblẽ akpedanunana si sɔ ɖi na amedzrodzeƒedɔwɔlawo