INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/02 axa 5
  • Kpɔ Wò Gbɔgbɔ me Nuhiahiãwo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Gbɔgbɔ me Nuhiahiãwo Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ðo To Nàxɔ Nufiame Geɖe’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ƒe 1996 “Mawu Me Ŋutifafa Ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 11/02 axa 5

Kpɔ Wò Gbɔgbɔ me Nuhiahiãwo Gbɔ

1 Míaƒe “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpe si gbɔna la ana mɔnukpɔkpɔ wɔnuku mí be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Abe ŋutilãmenuɖuɖu nyiame ene la, ɖoɖowɔɖia atsɔ “xɔse ƒe nyawo” atu mí ɖo godoo le gbɔgbɔ me. (Tim. I, 4:6) Ana be míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Eye míate ŋu akpɔ mɔ be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo kple dzideƒonamenya siwo akpe ɖe mía ŋu míado dzi le tetekpɔwo me le míaƒe agbe me. Yehowa ka ɖe edzi na mí be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Ps 32:8) Aleke gbegbee míenye dzidzɔtɔwoe nye si be eƒe lɔlɔ̃ mɔfiamewo le mía kplɔm le agbe me! Kpɔ afɔ nyui siwo míate ŋu aɖe be míakpɔ viɖe blibo tso takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia me dometɔ aɖewo ɖa.

2 Ehiã Be Míadzra Míaƒe Dzi Ðo: Enye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be míadzɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia ŋu. (Lod. 4:23) Esia bia be míamla mía ɖokui ahanya míaƒe seselelãmewo nyuie. Takpekpeɣia nye ɣeyiɣi si me míade ŋugble le mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu, ɣeyiɣi si me ‘míakpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, ahanɔ edzi.’ Be míadzra míaƒe dzi ɖo be míaxɔ ‘nya, si woado ɖe mia me’ la, ele be míaƒo koko na Yehowa be wòadzro mía me, ne wòade dzesi “fukpekpemɔ” ɖesiaɖe si hiã na ɖɔɖɔɖo, eye be wòakplɔ mí “to mɔ tegbeetɔ la dzi!”—Yak. 1:21, 25; Ps. 139:23, 24.

3 Ðo To eye Nàde Ŋugble: Yesu kafu Maria le alesi wòɖo to eƒe nyawo nyuie ta be: “Maria tia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.” (Luka 10:39, 42) Ne tamesusu ƒe nɔnɔme ma ke le mía si la, míana nya maɖinyawo nahe míaƒe susu ɖa o. Míakpɔ egbɔ be míenɔ anyi heɖo to ɖoɖowɔɖi bliboa nyuie. Míazi mía ɖokui dzi be míagadɔ akɔlɔ̃e, alo ava di teƒe aɖe amlɔ o. Míanɔ nu ƒom alo anɔ tsatsam madzemadzee hã o eye míakpɔ nyuie be míatsɔ asitelefon suewo, nyatakakaxɔmɔ̃wo, fotoɖemɔ̃wo, kple videoɖemɔ̃wo anɔ amewo ƒe susu hemee o.

4 Esi míele nuƒoawo sem la, anyo be míawɔ nuŋlɔɖi kpuiwo be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi wole nyatia me ɖemee. Ele be míatsɔ nusi sem míele la anɔ sɔsɔm kple esiwo míenya xoxo. Esia akpe ɖe mía ŋu be míase nyatia gɔme eye wòatsi susu me na mí. Ne míele míaƒe nuŋlɔɖiawo me tom la, ehiã be míawɔe kple susua be míawɔ nyatia ŋudɔ le míaƒe agbenɔnɔ me. Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia be: ‘Aleke esia ka mía kple Yehowa dome ƒomedodoe? Tɔtrɔ kawoe wòhiã be mawɔ le nye agbe me? Aleke mate ŋu azã nyatakaka sia le alesi mewɔa nu kple amewo mee? Aleke mate ŋu azãe le nye subɔsubɔdɔa mee?’ Dzro nya siwo lé dzi na wò vevie la me kple ame bubuwo. Nusiawo wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míadzra Yehowa ƒe nyawo ɖo ‘ɖe míaƒe dzi ƒe gogloeaƒe.’—Lod. 4:20, 21.

5 Mína Míawɔ Nusiwo Míesrɔ̃ la Ŋudɔ: Le nutome gã takpekpe aɖe dede megbe la, vavalawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ðoɖowɔɖia sɔ na ame ŋutɔ, eʋã ame be wòadzro ye ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe dzi ƒe nɔnɔme me, eye be wòana kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la alesi dze. Ena mekpɔ agbanɔamedzi si le dzinye be mana kpekpeɖeŋu geɖe hamea la dze sii nyuie wu.” Anɔ eme be mía dometɔ geɖe míese le mía ɖokui me nenema. Gake dzideƒo kple tutuɖo si míekpɔna tsoa takpekpewo me ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Yesu gblɔ be: “Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.” (Yoh. 13:17) Ele be míado vevie nu atsɔ nuƒoa ƒe akpa siwo ku ɖe mía ŋu la ade dɔwɔna me. (Fil. 4:9) Esiae nye alesi míawɔ akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ bliboe.

[Aɖaka si le axa 5]

De Ŋugble le Nusiwo Nèse la Ŋu:

■ Aleke wòka mía kple Yehowa dome ƒomedodoe?

■ Aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe alesi mewɔa nui kple amewo dzi?

■ Aleke mate ŋu azãe le nye agbe me kple subɔsubɔdɔa mee?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe