INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/13 axa 3-4
  • Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èdzra Ðo Ðe Gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoƒea Yiyi Ŋua?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • ‘Ðo To Nàxɔ Nufiame Geɖe’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ɣeyiɣi Aɖe Si Me Míeɖua Gbɔgbɔmenu Hekpɔa Dzidzɔ Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • “Ƒo Dukɔ La Nu Ƒu”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 4/13 axa 3-4

Ðo To Nyuie Ne Nàsrɔ̃ Nu

1. Nu ka tae wòbia agbagbadzedze hafi míate ŋu aɖo to nyuie ahasrɔ̃ nu le nutome gã takpekpea me?

1 Eteƒe madidi o míadze ƒe 2013 nutome gã takpekpewo gɔme. Woku kutri geɖe hetrɔ asi le ɖoɖowɔɖia ŋu be wòakpɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo ƒe fifi nuhiahiãwo gbɔ. Èwɔ ɖoɖo siwo hiã be yeade takpekpea ŋkeke etɔ̃awo katã? Susuhenuwo sɔa gbɔ le ƒuƒoƒo gãwo me, eya ta ebia agbagbadzedze be míaƒe susu nanɔ nuƒoawo ŋu bliboe. Esi takpekpea ƒe akpa vovovoawo didina wu hame ƒe kpekpewo ta la, ebiana be míaƒe susu nanɔ nuƒoawo ŋu ɣeyiɣi didi wu. Gawu la, mɔzɔzɔ kple nu bubuwo ate ŋu ana ɖeɖi nate mía ŋu. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋu aɖo to nyuie ahasrɔ̃ nu.—5 Mose 31:12.

2. Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ɖe takpekpea ŋu?

2 Do Ŋgɔ Na Takpekpea: Míada takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖi ɖe míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe, , www.pr2711.com, eye míate ŋu akpɔ nuƒoawo ƒe tanyawo kple mawunyakpukpui vevi siwo dzi wotu wo ɖo la dometɔ ɖeka alo eve le edzi. Ne Internet le mia si la, miate ŋu aʋui akpɔ ɖoɖowɔɖia do ŋgɔ be wòadzra miaƒe dzi ɖo. (Ezra 7:10) Ðe miate ŋu azã miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi ƒe akpa aɖe atsɔ adzro ɖoɖowɔɖia me ale be miaƒe lãme nanɔ fiefiẽm ɖe takpekpea ŋua?

3. Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo to nyuie?

3 Le Takpekpea Wɔɣi: Ne asɔ la, zã nugododeƒea alo aɖuɖɔɖɔƒea hafi wɔnaa ƒe akpa ɖe sia ɖe nadze egɔme. Ne wɔnaa dze egɔme hafi ɖevi aɖe di be yeayi nugododeƒea alo aɖuɖɔɖɔƒea la, ele be ame tsitsi aɖe nakplɔe ayi. Tsi wò asitelefon la ale be amewo nagaƒo ka na wò alo aɖo message ɖe wò ne wòahe wò susu, alo nàdi be yeaɖo eŋu o. Ne ele kokoko be wò fon la nanɔ sisi la, ekema trɔ asi le eŋu be wòagaɖe toɣli o. Ne èzãa asikɔmpiuta tsɔ wɔa nuŋlɔɖiwo la, kpɔ egbɔ be wòagahe amewo ƒe susu o. Mèganɔ nu ɖum alo anɔ nu nom ne nuƒoawo le edzi yim o. (Nyagb. 3:1) Wò ŋku nenɔ nuƒolaa dzi. Ne wole ŋɔŋlɔawo xlẽm la, ʋu wò Biblia nànɔ edzi kpɔm. Wɔ nuŋlɔɖi kpuiwo.

4. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo to ahasrɔ̃ nu?

4 Míedi be mía viwo hã naɖo to eye woasrɔ̃ nu. Lododowo 29:15 gblɔ be: “Vi si womekpla o la dea ŋukpe mo na dadaa, NW.” Le takpekpea wɔɣi katã la, anyo be ƒomewo nanɔ teƒe ɖeka ale be dzilawo nakpɔ egbɔ be wo viwo le to ɖom, ke menye be woanɔ dze ɖom, anɔ asi tem ɖe asitelefon dzi, alo anɔ tsatsam o, esia le vevie le dramawɔɣi gɔ̃ hã. Ne ɖeviawo metsi ase nyaawo katã gɔme o hã la, dzilawo ate ŋu amla wo be woanɔ ŋu ahanɔ anyi kpoo.

5. Nu ka tae wòɖea vi ne míegato nuƒoawo me, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

5 Le Kpakpã Vɔ Megbe: Miganɔ zã dzi o. Mimlɔ anyi kaba miaɖi ɖe eme nyuie. Ne miegbugbɔ to nya siwo miese me la, ana be woatsi susu me na mi. Eya ta aɖe vi geɖe ne miezã aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo fiẽ sia fiẽ tsɔ dzro ŋkekea ƒe nuƒowo me. Ne èyi nuɖuƒe kple xɔ̃wòwo le kpakpã megbe la, ɖe manyo be nàtsɔ wò nuŋlɔɖiwo ɖe asi be nàgblɔ nu ɖeka eve aɖewo siwo do dzidzɔ na wò la na wo oa? Ne miegbɔ tso takpekpea la, miate ŋu adzro ale si miaƒe ƒomea awɔ nya siwo miese la ŋu dɔe me le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsiwo me ɣeaɖewoɣi. Miate ŋu aɖo ɣeyiɣi ɖi adzro agbalẽ yeye siwo woɖe ɖe go hã ƒe akpa aɖewo me kwasiɖa sia kwasiɖa.

6. Nu ka tae takpekpea dede ɖeɖe mesɔ gbɔ o? Ðe eme.

6 Kplɔ̃ɖoɖo maɖe vi aɖeke o nenye be womeɖu nu siwo wotsɔ ɖo kplɔ̃e la hekpɔ nunyiamewo tso eme o. Nenemae wòle le gbɔgbɔmekplɔ̃ si woɖo na mí la hã gome. Mina míade takpekpea ƒe ŋkekeawo katã ƒe akpa ɖe sia ɖe, míaɖo to nyuie, eye míawɔ nu siwo míesrɔ̃ la dzi be woaɖe vi na mí bliboe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe