‘Ðo To Nàxɔ Nufiame Geɖe’
1 Lododowo ƒe agbalẽa ɖɔ nunya wòle ɣli dom be: “Misee, elabena nya xɔasi gblɔm mele, eye nusi le eteƒe pɛpɛpɛ la, nye nu agblɔ. Tɔnyee nye [aɖaŋuɖoɖo kple nunya vavãtɔ]; . . . miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mɔwo ɖo. Elabena amesi ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe, eye wòkpɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.” (Lod. 8:6, 14, 32, 35) Nya mawo ɖɔ nufiame si míaxɔ le “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpea me la nyuie.
2 Wolé ŋku ɖe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ƒe nuhiahiãwo ŋu, hetrɔ asi le takpekpea ƒe nuƒowo ŋu be woatsɔ akpɔ hiahiã mawo gbɔe. Ne míetsɔ gbɔgbɔmenufiame siwo woana kple aɖaŋu nyui siwo woaɖo awɔ dɔe la, woate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ, be míayi edzi anɔ ƒomedodo nyui me kple Yehowa, eye be míanɔ agbe mavɔ mɔa dzi. Vavãe, susu nyuiwo le mía si si ta ‘míaɖo to axɔ nufiame geɖe’ ɖo.—Lod. 1:5.
3 Do Ŋgɔ na Wɔnaawo: Be nuƒoawo naɖe vi na mí bliboe la, ehiã be míanɔ mía nɔƒewo ahanɔ dzadzraɖoɖi le susume hafi wɔnawo nadze egɔme. Esia bia ɖoɖo nyui wɔwɔ le ame ɖesiaɖe gome. Nu vevitɔ le esia wɔwɔ mee nye tsotso ɖe nuwo wɔwɔ ŋu kaba. Mlɔ anyi kaba le zã si do ŋgɔ me. Mifɔ kaba be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nate ŋu adzra ɖo ahadi nane aɖu. Miɖo takpekpewɔƒea kaba ale be miate ŋu adi nɔƒe ahakpɔ nya veviwo gbɔ hafi wɔnaa nadze egɔme. Ŋdi ga 9:30 ye wɔnawo adze egɔme ŋkeke ɖesiaɖe.
4 Esi taɖodzinu vevitɔ si ta míekpea ta ɖo enye be míakafu Yehowa “le takpekpewo me” ta la, ele be wɔnaa ƒe akpa ɖesiaɖe nadze egɔme le mɔ si ade bubu míaƒe Mawu ŋu la nu. (Ps. 26:12) Le susu sia ta míele dzi dem ƒo na amesiame be wòanɔ anyi hafi woayɔ hadzidzi si woatsɔ aʋu wɔnaawo nui. Esia wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃amenya sia be: “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Kor. I, 14:40) Nukae esia fia na mía dometɔ ɖesiaɖe? Ne èkpɔ zimenɔla wòva nɔ anyi ɖe nuƒolanɔƒea le haƒoƒo si doa ŋgɔ ƒoɣi la, ke wɔ kaba nànɔ nɔwòƒe. Esia ana nàkpɔ gome le hadzidzi si woatsɔ aʋu wɔnaa ƒe akpa ɖesiaɖe nui la dzidzi me tso dzi blibo me atsɔ akafu Yehowae.—Ps. 149:1.
5 Ne Wɔnaawo Le Edzi Yim: Ezra ‘dzra eƒe dzi ɖo ɖe Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi.’ (Ezra 7:10) Aleke míate ŋu adzra míaƒe dzi ɖo ɖe nufiame siwo Yehowa nana la xɔxɔ ŋui? Ne èle nuƒo vovovo siwo ƒe tanya dze le ɖoɖowɔɖia dzi me tom la, bia ɖokuiwò be, ‘Nuka gblɔm Yehowa le nam to nuƒo siawo dzi? Aleke mate ŋu awɔ nyaawo ŋudɔ wòaɖe vi na mía kple nye ƒomea?’ (Yes. 30:21; Ef. 5:17) Nɔ nya mawo biabia ɖokuiwò dzi le takpekpe bliboa me. Wɔ nya siwo nàdi be yeava zã la ŋuti nuŋlɔɖi kpuiwo. Di ɣeyiɣi nàƒo nu tso wo ŋu le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe wɔnaawo megbe. Esia akpe ɖe ŋuwò be nyaawo natsi susu me na wò be nàtsɔ wo awɔ dɔe.
6 Be ame ƒe susu nanɔ nya ŋu bliboe gaƒoƒo geɖe ate ŋu anye nu sesẽ. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míaɖe mɔ míaƒe susu nanɔ tsatsam o? Wɔ ŋutete si le míaƒe ŋkuwo si la ŋudɔ. Zi geɖe la, nusi dzi míefɔ ŋku ɖo ŋue míaƒe susu nɔna. (Mat. 6:22) Eyata zi ɖokuiwò dzi be mànye kɔ akpɔ nusianu si aɖi kikli alo nusianu si le eme tsom la o. Nà wò ŋku nanɔ nuƒolaa ŋu tẽ. Ʋu wò Biblia nànɔ mawunyakpukpui si xlẽm wole dzi kpɔm eye nàna Biblia nanɔ ʋuʋuɖi ne wole mawunyakpukpuia me dzrom.
7 Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ aʋã mí be míaɖe toɣli ame bubuwo esime wɔnaawo le edzi yim o. (Kor. I, 13:5) “Ðoɖoeziɣi” si me wòle be míaɖo to enye sia. (Nyagb. 3:7) Eyata ƒo asa na nuƒoƒo kple tsatsa madzemadzee. Wɔ dzadzraɖo siwo hiã do ŋgɔ be màganɔ aɖuɖɔɖɔƒe yim kabakaba o. Ne ɣeyiɣia meɖo edzi o la, mèganɔ nu ɖum alo anɔ nu nom o, negbe ɖe lãmesẽ kuxi sesẽ aɖe bia nenema ko hafi. Amesiwo tsɔa kotokumetelefon, nyatakakaxɔmɔ̃, videoɖemɔ̃, kple fotoɖemɔ̃wo ɖe asi nagazã wo le mɔ si ahe amewo ƒe susu nu o. Dzilawo nawɔ ɖoɖo be woƒe ƒome bliboa—hekpe ɖe ƒewuiviwo ŋu—nanɔ teƒe ɖeka ale be woate ŋu alé ŋku ɖe ɖeviawo ŋu nyuie.—Lod. 29:15.
8 Le ƒe si va yi me la, hamemegã aɖe si de takpekpewo ƒe geɖe de dzesii be: “Mesusui be takpekpe sia le etɔxɛ le susu bubu aɖe ta. Nyaselawo dometɔ ɖesiaɖe kloe, hekpe ɖe ɖeviwo ŋu, nɔ nuŋlɔɖi wɔm. Enya kpɔ ŋutɔ. Wowɔ Bibliawo ŋudɔ nyuie ne nuƒolawo gblɔ be woaʋu teƒe aɖe.” Toɖoɖo nyuie alea dze na kafukafu nyateƒe. Menye mía kple mía hati takpekpea valawo koe wòɖea vi na o, ke ƒo wo katã ta la, ekɔa míaƒe Nufiala Gãtɔ, Yehowa Mawu, hã ŋu.—Yes. 30:20.