INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/03 axa 7
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Àte Ŋu Aka Ðe Nɔviwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 2/03 axa 7

Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

1 Be míate ŋu anɔ te sesĩe le xɔse me le xexe malike sia me la, ahiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Nukae esia fia le míaƒe agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ me? Aleke ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomegbenɔnɔ dzii? Aleke wòakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na Satana ƒe xexeame ƒe ameflunuwoe? Woaɖo biabia siawo ŋu le nutome sue takpekpe si ƒe ɖoɖo wowɔ na ƒe 2003 subɔsubɔƒea me. Eƒe tanya enye “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, eye Nàwɔ Nyui.”—Ps. 37:3.

2 Menye ɣeyiɣi tɔxɛwo alo hiahiã kpatawo me koe míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu le o. Edzena le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Woate gbe ɖe nya sia dzi le nuƒo gbãtɔ me, esi ƒe tanya enye ‘Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣeawokatãɣi.’ (Ps. 62:9) Nuƒo kpui ene siwo ƒe tanya enye “Alesi Míeɖenɛ Fiana be Míeɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu” afia mí alesi míawɔ akpɔ Biblia me nufiame siwo akpe ɖe mía ŋu be míaƒe srɔ̃ɖeɖe nadze edzi, alesi míakpɔ kuxi siwo doa mo ɖa le ƒomea me gbɔ, kple alesi míakpɔ míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔe.

3 Satana ƒe xexeame dzea agbagba be yeazi nyui kple vɔ̃ ŋuti nukpɔsusu totrowo ɖe mía dzi eye be míatɔtɔ le nusiwo hiã kple nusiwo mehiã o ŋu. (Yes. 5:20) Nuƒo siwo nye “Kpɔ Nyuie le Agbemenuwo ƒe Toflokonyenye Ŋu” kple “Mitsri Vɔ̃—Mianye Nu Nyui Wɔlawo” ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu.—Amos 5:14.

4 Ne Yehowa he fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia va nuwuwui la, ahiã be Mawu subɔlawo nayi edzi aɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Woate gbe ɖe esia dzi le dutoƒonuƒoa me, si ƒe tanyae nye, “Ðeɖekpɔkpɔ tso Xexeame ƒe Xaxawo me Tu Aƒe.” Le ema yome la, nuƒo si nye “Ðe Woakpɔ be Nèdze na Mawu ƒe Fiaɖuƒea?” aʋã mí be míadzro mía ɖokui me. Ðoɖowɔɖia awu enu kple nuxlɔ̃amenya sia be, “Ðo Ŋu Ðe Yehowa ƒe Ŋugbedodowo Ŋu.”

5 Takpekpe ɖesiaɖe ƒe akpa vevi aɖee nye nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒoa. Amesiame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ la nagblɔe na zimenɔla kaba ale be woawɔ ɖoɖo siwo hiã.

6 Le ɣeyiɣi manyatalenu siawo me la, Yehowa gbɔ koe míate ŋu akpɔ kakaɖedzi kple kelili si míehiã la atsoe. (Ps. 118:8, 9) Mina mí katã míanɔ anyi le nutome sue takpekpe bliboa me bene míado ŋusẽ alesi míeɖoa ŋu ɖe eyama ŋui.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe