Mèganɔ “Nu Ƒuƒluwo” Yome Tim O
1 Egbea E-mail va zu kɔmpiuta dzi kadodomɔnu si bɔ ŋutɔ. Togbɔ be míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple nukpɔsusuwo gbɔgblɔ na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo to mɔnu sia dzi asɔ hã la, “nu ƒuƒlu” siwo ŋu viɖe mele o kawoe ate ŋu ava nɔ E-mail zazã fũ ɖokuidzimaɖumaɖui me?—Lod. 12:11.
2 Nuxlɔ̃ame le E-Mail Zazã Ŋu: Ame aɖewo gblɔna be esia naa kadodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔnu ʋuna na yewo wu nenye be yewoxɔ nusi yɔm wole be nyatakaka yeyewo to E-mail dzi. Nusiwo woxɔna le edzi ƒe ɖewo ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔwo, nusiwo le edzi yim le Betel, afɔkuwo kple yometitiwo ŋu nyatakaka, kple nya ɣaɣla aɖewo siwo wogblɔ le Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ Sukua me gɔ̃ hã. Edzroa ame aɖewo vevie be yewoaɖo nyatakaka mawo ɖa, kple mɔkpɔkpɔ be yewoanye ame gbãtɔ siwo gbɔ xɔlɔ̃wo ase nya mawo atsoe.
3 Ɣeaɖewoɣi la, wotroa nyatakaka kple nuteƒekpɔkpɔ aɖewo gblɔna bubui alo kpaa nya kpee. Alo ɖewohĩ le esi ame aɖewo di be nyaa nawɔ dɔ ɖe ame dzi ta la, wona nukpɔsusu bubu kura si menye nyateƒe o va su amewo si. Zi geɖe la, amesiwo tsia klokloklo be yewoaka nya mawo ta la mesea nyateƒe siwo katã ku ɖe nyaa ŋu hafi o. (Lod. 29:20) Le go aɖewo me la, ne kpeɖodzi mele ŋutinya aɖe ŋu o gɔ̃ hã la, woɖonɛ ɖa be amewo nado vivi ɖe eŋu. Nyatakaka siawo siwo mede pɛpɛpɛ o alo esiwo kplɔa amewo tranae la va zua “yakagli makɔmakɔ” siwo medoa mawusosroɖa vavãtɔ ɖe ŋgɔ o.—Tim. I, 4:6, 7.
4 Ne èkpɔ gome le nyatakaka siwo va nye alakpanya ɖoɖoɖa me la, ke nuxaxa kple tɔtɔ siwo nya mawo ate ŋu he va amewo dzii la ƒe agba le dziwò. Esi Dawid xɔ nyatakaka aɖe si wokpa nya kpee be wowu viaŋutsuwo katã la, etsɔ vevesese “dze eƒe awuwo.” Gake nyateƒeae nye be viaŋutsu ɖeka pɛ koe ku. Ema ɖeɖe anya do nuxaxa nɛ ya, gake alesi wokpa nya kpee la na be Dawid ƒe nuxaxa wu gbɔgblɔ. (Sam. II, 13:30-33) Eyata míadi gbeɖe be míawɔ nane si ate ŋu anye mía nɔvi aɖe beble alo esi ana dzi naɖe le eƒo o.
5 Mɔnu si ƒe Ðoɖo Mawu Wɔ: Nenɔ susu me na wò be mía Fofo si le dziƒo tia kadodomɔnu aɖe si dzi tom wòle, si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. “Dɔla” ma ƒe agbanɔamedzie wònye be wòatso nya me le nyatakaka siwo wòle be wòana eƒe aƒemetɔ xɔsetɔwo, eye be wòatia “ɣeyiɣi nyui” si dzi wòanae. Teokrasi habɔbɔ sia ko dzie gbɔgbɔmenuɖuɖu tona. Mɔnu si dzi Mawu da asi ɖo la ko sinu wòle be míakpɔ na nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le la xɔxɔ, ke menye to Internet zãlawo ƒe kadodowo dzi o.—Mat. 24:45.
6 Internet Nyatakakaxɔƒewo: Internet nyatakakaxɔƒe si ƒe ɖoɖo habɔbɔa ŋutɔ wɔ la li xoxo: www.watchtower.org. Teƒe sia ɖeɖe sɔ be amewo nake ɖe nyatakaka siwo míedi be woaxlẽ la ŋu. Megahiã be ame ɖekaɖekawo, kɔmitiwo, alo hamewo naɖo woawo ŋutɔ ƒe Nyatakakanaƒe tso Yehowa Ðasefowo ŋu o. Ame aɖewo tsɔ míaƒe agbalẽwo me nyawo katã kple mawunyakpukpuiwo kpakple nyawo tsoƒe de edzi eye wodo boblo takpekpe ƒe nanewo gɔ̃ hã be amewo nana nudzɔdzɔ ɖe eta be yewoaɖoe ɖe wo. Eɖanye be woakpɔ viɖe tso eme loo alo menye ɖe viɖe tae o, be woagbugbɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me nyawo aŋlɔ ɖe kɔmpiuta dzi na ame bubuwo nye ame ƒe nu gbugbɔgawɔ mɔɖeɖe maxɔmaxɔe ŋu sewo dzi dada. Togbɔ be ame aɖewo abui be esia nye kpekpeɖeŋu na nɔviwo hã la, míeda asi ɖe edzi o, eyata ele be woadzudzɔ.
7 Nuŋububu nyuie kple moxexinɔnɔ le kɔmpiuta dzi kadodowo zazã me akpe ɖe mía ŋu be nusiwo nye ‘kesinɔnu nyui siwo ŋu viɖe’ le la koe míaxɔ ade susu me.—Lod. 24:4.