Nyanyui Le Internet Dzi
Le míaƒe ɣeyiɣi si me wowɔ ŋgɔyiyi le mɔ̃ɖaŋununya me la, ame aɖewo xɔa nyatakakawo toa elektrikmɔ̃wo dzi, siwo ƒe ɖee nye Internet (kɔmpiuta nyakakamɔnu). Eyata Habɔbɔa de Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse kple dɔwɔna ŋuti nyatakaka siwo de pɛpɛpɛ la Internet dzi.
Míaƒe Internet Nyadzraɖoƒea ƒe adrɛs ye nye http://www.watchtower.org eye trakt, agbalẽ gbadza, kple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! tiatia aɖewo me nyati siwo le Eŋlisigbe, Chinagbe (Bɔbɔetɔ), Germanygbe, Russiagbe, kple Spaingbe, kpakple gbegbɔgblɔ bubuwo me le edzi. Agbalẽ siwo le Nyadzraɖoƒe sia la le hameawo si xoxo eye wozãa wo le subɔsubɔdɔa me. Menye ɖe míeɖo míaƒe Nyadzraɖoƒea be míatsɔ anɔ agbalẽ yeyewo ɖem ɖe go o, ke be míana amesiame nakpɔ nyatakaka siwo li la le mɔ̃ dzi. Mehiã be ame aɖeke natrɔ asi le nya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo, míaƒe dɔwɔnawo, alo míaƒe dzixɔsewo ŋu la ŋu ɖe Internet dzi o. Míede nyatakaka siwo de pɛpɛpɛ la Nyadzraɖoƒe si nye mía tɔ koŋ la me be amesiame si dii nakpɔ.
Togbɔ be nyaɖoɖamɔnu (E-mail) aɖeke mele teƒe si míede míaƒe nyawoe o hã la, míeɖo alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexeame katã ƒe adrɛs ɖe afima. Esia ana amewo nate ŋu aŋlɔ lɛta abia nyatakaka bubuwo alo be Ðasefo siwo le wo gbɔ nava na kpekpeɖeŋu wo. Àte ŋu atsɔ Internet ƒe adrɛs si míeyɔ va yi ana amesiame si adi be yeadze Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme to mɔ sia nu la faa.