Nukae Nye Wò Taɖodzinu Vevitɔ?
1 Subɔsubɔha geɖewo tea gbe ɖe dɔmenyodɔwo wɔwɔ dzi, abe ga kple nuwo nana be woatsɔ akpɔ agbalẽsrɔ̃nyawo alo atikewɔnyawo gbɔ ene. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo meŋlɔa ‘dɔmenyowɔwɔ kple nunana amewo’ be o hã la, wobua kpekpeɖeŋunana amewo le gbɔgbɔ me be eyae nye nu vevitɔ kekeake.—Heb. 13:16.
2 Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kpɔɖeŋu: Yesu wɔ dɔ nyui geɖewo le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me, gake dɔ vevitɔ si wòwɔe nye ɖaseɖiɖi tso nyateƒea ŋu. (Luka 4:43; Yoh. 18:37; Dɔw. 10:38) Ede se na eyomedzelawo be ‘woayi aɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, eye woafia nu wo.’ (Mat. 28:19, 20) Eye egblɔe be amesiwo xɔa ye dzi sena awɔ geɖe ŋutɔ le dɔ si gɔme yedze la me. (Yoh. 14:12) Yesu tsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ elabena esiae nye dɔ si kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso xɔxɔ mɔa ŋu.—Yoh. 17:3.
3 Apostolo Paulo bu eƒe gbeƒãɖeɖedɔa be ‘ele vevie,’ be enye nudidi si dzi yemate ŋu aŋe aɖaba aƒu o. (Kor. I, 9:16, 17) Elɔ̃ faa be yeatsɔ nusianu asa vɔe, ado dzi le tetekpɔ ɖesiaɖe me, alo akpe fu sia fu ale be yeate ŋu awu yeƒe subɔsubɔdɔa nu. (Dɔw. 20:22-24) Apostolo Petro kple ehatiwo hã ɖe nɔnɔme ma ke fia. Togbɔ be wolé wo de game eye woƒo wo hã la, “womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti . . . o.”—Dɔw. 5:40-42.
4 Ke míawo hã ɖe? Ðe míebua gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa nu vevitɔ wu nu bubu ɖesiaɖea? Abe Yesu ene la, ɖe míetsɔa ɖe le eme ŋutɔŋutɔ na amesiwo “woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la” enea? (Mat. 9:36) Egbegbe xexemenudzɔdzɔwo kple Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia kɔte be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwu kpuie! Alesi míana gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye nanɔ susu me na mí aʋã mí be míayi edzi aɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe.
5 Bu Wò Nɔnɔmewo Ŋu Kpɔ: Esi wònye be míaƒe nɔnɔmewo trɔna enuenu ta la, anyo be míanɔ ŋugble dem edziedzi atsɔ akpɔ ɖa be ɖe míate ŋu awɔ asitɔtrɔwo be míawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me hã. Nɔvinyɔnu aɖe wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa le ƒe 1950, ƒe 1960, kple ƒe 1970 ƒe ƒeawo me, eye wòva kpɔe be ehiã be yeadzudzɔ le lãmegbegblẽ ta. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe lãmesẽnyawo va ka ɖe eme. Egbugbɔ bu eƒe nɔnɔmeawo ŋu nyitsɔ laa eye wòtso nya me be yeagawɔ mɔɖeɖedɔa ake. Aleke gbegbe wòkpɔ dzidzɔe esi wòde Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Sukua le eƒe ƒe 90 xɔxɔ me enye esi! Ke wò hã ɖe? Ðe wòkpɔtɔ vie nàxɔ dzudzɔ le dɔme alo awu suku nua? Ðe nàte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa ne wò nɔnɔmewo trɔa?
6 Esi Yesu de dzesii be Marta ‘tsi dzi ɖe aƒemedɔ geɖe wɔwɔ be yeatsɔ asubɔ ye ŋuti la,’ egblɔ nɛ tufafatɔe be yayra geɖe wu asu esi ne ewɔ nuwo kpokploe. (Luka 10:40-42) Ðe nàte ŋu ana nuwo nanɔ kpokploe le wò gbesiagbegbenɔnɔ mea? Ðe wòhiã ŋutɔŋutɔ be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnua siaa nawɔ ŋutilãmedɔa? Ne miewɔ asitɔtrɔ ɖe, ɖe ame ɖeka ƒe fetu ate ŋu akpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔa. Gbɔgbɔmeviɖewo su ame geɖe si esi wowɔ tɔtrɔwo be woawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me.
7 Neva eme be mí katã míadze kpɔɖeŋu siwo Yesu kple eƒe apostolowo ɖo ɖi la yome! Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedze siwo tso dzi me le dɔ vevitɔ si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia wɔwɔ me la dzi.—Luka 9:57-62.