Nu Si Míetsɔ Ðoa Nɔƒe Gbãtɔ
1. Alekee Yesu ɖee fia be subɔsubɔdɔa ye nɔ vevie na ye?
1 Subɔsubɔdɔae Yesu tsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Eku kutri vevie hezɔ mɔ agbadroƒe alafa geɖe nɔ gbeƒã ɖem na ame ale si nu wòate ŋui le Palestina nuto bliboa me. Enɔ agbe tsɛ ale be wòate ŋu atsɔ eƒe susu aɖo subɔsubɔdɔa ŋu ahakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe eŋu. (Mat. 8:20) Esi amehawo dze agbagba be yewoasikae ɖi bene wòada gbe le woƒe dɔlélawo ŋu la, egblɔ be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”—Luka 4:43.
2. Nu ka tae subɔsubɔdɔa nɔ vevie na Yesu nenema gbegbe ɖo?
2 Nu ka tae subɔsubɔdɔa nɔ vevie na Yesu nenema gbegbe ɖo? Nu vevitɔ si ŋu wòtsi dzi ɖo lae nye be Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti nakɔ. (Mat. 6:9) Elɔ̃ Fofoa si le dziƒo la, eya ta edi vevie be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ade goe eye yeawɔ ɖe eƒe sedede ɖe sia ɖe dzi. (Yoh. 14:31) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, etsɔ ɖe le eme na amewo vavã eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu.—Mat. 9:36, 37.
3. Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be subɔsubɔdɔa ye nye nu vevitɔ na mí?
3 Srɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu: Menɔa bɔbɔe be míatsɔ subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe vevitɔ abe ale si Yesu wɔe ene o, elabena nu geɖe le xexea me siwo xɔa ɣeyiɣi geɖe le mía si eye susuhenuwo hã sɔ gbɔ. (Mat. 24:37-39; Luka 21:34) Eya ta ele be míakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii, si fia be ele be míadi ɣeyiɣi atsɔ anɔ dzadzram ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ahanɔ gome kpɔm le eme edziedzi. (Flp. 1:10) Míedzea agbagba be míanɔ agbe tsɛ eye míaƒo asa na xexea ŋu dɔ wɔwɔ bliboe.—1 Kor. 7:31.
4. Nu ka tae fifiae wòle be míatsɔ nu siwo le vevie wu la aɖo nɔƒe gbãtɔ?
4 Ne ɣeyiɣi vi aɖe koe li la, nunyala tsɔa nu siwo le vevie wu la ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Le kpɔɖeŋu me, nenye be ese be ahom gblẽnu aɖe le tutu ge la, azã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã atsɔ awɔ ɖoɖo siwo ana eƒe ƒomea nanɔ dedie, eye wòaxlɔ̃ nu eƒe aƒelikawo. Makpɔ vovo ɖe nu siwo mele vevie tututu o la ŋu o. Ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ ne Harmagedon ƒe ahom sesẽ la natu. (Zef. 1:14-16; 1 Kor. 7:29) Be míaɖe mía ɖokuiwo kple ame siwo ɖoa to mí la siaa la, ele be míalé ŋku ɖe mía ɖokuiwo kple míaƒe nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi, eɖanye le hamea me loo alo egodo o. (1 Tim. 4:16) Ɛ̃, míaƒe agbetsitsi nɔ te ɖe subɔsubɔdɔa tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ dzi!